18 Ke nusiwo doa go tsoa nu me la, woawo doa go tso dzi me, eye nenem nu mawo ƒoa ɖi ame.
18 Nya vlo doa go tso egblɔla ƒe dzi me, eye wòƒoa ɖi ame.
Elabena evivi nume nɛ le eŋku me, ne wòakpɔ mɔnu le eƒe dzidada ŋu, eye wòalé fui.
Ame dzɔdzɔe ƒe nuyi nyaa nya dzeto gbɔgblɔ, ke ame vɔ̃ɖi ƒe nu enye alakpago.
Nunyala ƒe aɖe hea sidzedze vɛ; ke bometsitsi doa go tso bometsila nu gbẽgbẽgbẽ.
Ame dzɔdzɔe ƒe dzi bua tame, ne wòaɖo nya ŋu; ke vɔ̃ɖiwɔwɔ le dodom le ame vɔ̃ɖi nu gbẽgbẽgbẽ.
Dza wò dzi ŋu wu nuwo katã, elabena eya me agbe tsona.
Yakame kple ame gbegblẽ enye amesi tsɔa alakpadanu nɔa yiyimee,
Dawo ƒe dzidzimewo! Aleke lawɔ mi, amesiwo vɔ̃ɖi la, miate ŋu agblɔ nya nyuiwo mahã? Elabena nya, si ke wu dzi la, eya nu gblɔna.
Menye nusi ke yia nu me la, gblẽa kɔ ɖo na ame o; ke nusi ke doa go tsoa nu me la, eya koe gblẽa ko ɖo na ame.
Alo miedze sii kpɔ bena, nusianu, si yia nu me la, eyina ɖe do me, eye wotsɔnɛ ƒua gbe ɖe kpɔxa o mahã?
Eye wògblɔ bena: Nusi ke doa go tsoa ame me la, eya ƒoa ɖi ame.
Egblɔ ne bena: Wò ŋutɔ wò numenya metsɔ drɔ̃ ʋɔnu wò, dɔla vɔ̃ɖi! Enyae bena, nye la ame sẽŋuta menye, metsɔa nusi nyemeda ɖi o, eye meŋea nusi nyemeƒã o la,
Yehowa nadrɔ̃ ʋɔnu le mía kpli wò dome, eye Yehowa nabia hlɔ̃ wò nam, ke nye asi made ŋuwò o!