15 Eye Petro xɔ edzi gblɔ ne bena: Ɖe lo sia gome na mi.
15 Petro biae be wòaɖe lododo la me na yewo.
Miawo la, azɔ miɖo to lododo la le nukuwula ŋuti.
Tete esi Yesu ɖe asi le amehawo ŋu la, eva aƒe me. Eye eƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ gblɔ bena: Ɖe abɔ me gbe wuwluiawo ƒe lododoa gɔme na mi.
Eye wògblɔ bena: Alo miawo hã ame masenugɔmewo mieganye mahã?
Eye ne menye lododowo o la, meƒoa nu na wo o; ke ne eya kple eƒe nusrɔ̃lawo ɖeɖe woli la, eɖea nuwo katã gome fia wo.
Eye esi wòdzo le ameha la gbɔ yi ɖe aƒe me la, eƒe nusrɔ̃lawo bia lo la gɔmee.
Eƒe nusrɔ̃lawo gblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, fifi ko neƒo nu faa, eye mègblɔ lodonyaa ɖeke o.