Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 15:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Eye wòyɔ ameha la va egbɔ gblɔ na wo bena: Miɖo to, eye miase nu gɔme.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

10 Yesu yɔ ameha la, eye wògblɔ na wo be, “Miɖo to nya si gblɔ ge mala la, be miase egɔme nyuie.

Onani mutuwo Koperani




Mateo 15:10
13 Mawu Ofanana  

Mixa gblɔ bena: Ne ètrɔ gbɔ le ŋutifafa me la, ekema menye Yehowae ƒo nu to dzinye o! Eye wògblɔ be: Mi dukɔwo katã, miele esema?


Miƒu to anyi, eye miva gbɔnye! Mise nu, ekema miaƒe luʋɔ anɔ agbe! Mabia nu mavɔ kpli mi, mana Dawid ƒe amenuveve, si li ke la mi.


Eye wògblɔ bena: Yi naɖagblɔ na dukɔ sia bena: Minɔ nusese dzi ko, ke mígase nu gɔme o; minɔ nukpɔkpɔ dzi, ke migadze si nu o.


Amesiame, si le fiaɖuƒe la ŋutinya sem, eye mesea egɔme o la, vɔ̃ɖitɔ la lava aha nusi wowu ɖe eƒe dzi me. Esia enye amesi gbɔ wowui ɖe mɔto le la.


Menye nusi ke yia nu me la, gblẽa kɔ ɖo na ame o; ke nusi ke doa go tsoa nu me la, eya koe gblẽa ko ɖo na ame.


Eye dzodzro wole subɔyem hele nufiafia, siwo nye amewo ƒe sededewo la fiam.“


Azɔ ne míakpɔ aƒedo ƒe ŋunyɔnu, si wogblɔ ɖi to nyagblɔɖila Daniel dzi la, anɔ tsitre le kɔkɔeƒea la (amesi le exlẽm la, nèse egɔme),


Tete woʋu woƒe tame, bena wòase ŋɔŋlɔawo gome;


bena mia Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe Mawu, si nye ŋutikɔkɔe Fofo la, nana nunya kple nyaɖeɖefia ƒe Gbɔgbɔ la mi le eƒe sidzedze la me,


Eyata míawo hã, tso ŋkeke, si dzi míesee la, míedzudzɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖe ɖe mia ta o, bene eƒe lɔlɔ̃nu ƒe sidzedze nayɔ mi fũ le gbɔgbɔ ƒe nunya kple gɔmesese katã me,


Ke ne mia dometɔa ɖe le nunya hiãm la, neɖe kuku na Mawu, si na amewo katã faa, eye medoa ŋukpe ame o la, eye wòatsɔe anɛ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa