Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 14:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Ke eya la, esi dadaa gblɔe ɖi nɛ tà, egblɔ bena: Tsɔ Yohanes mawutsidetanamela la ƒe ta de agba me nam le afii!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

8 Nyɔnuvia bia nu si wòabia la dadaa. Dadaa gblɔ nɛ be nebia Yohanes Mawutsidetanamela ƒe ta. Ale wòva do ɖe fia gbɔ gblɔ nɛ be, “Mele Yohanes Mawutsidetanamela ƒe ta dim le agba me.”

Onani mutuwo Koperani




Mateo 14:8
17 Mawu Ofanana  

Ɖe womegblɔ nusi mewɔ la, na nye aƒetɔ oa? Esi Izebel wu Yehowa ƒe nyagblɔɖilawo, eye meɣla Yehowa ƒe nyagblɔɖila alafa ɖeka ɖe agado me blaatɔ̃blaatɔ̃ hetsɔ abolo kple tsi nyi wòe oa?


Esi Izebel tsrɔ̃ Yehowa ƒe nyagblɔɖilawo la, Obadya kplɔ nyagblɔɖila alafa ɖeka ɖaɣla ɖe agado me blaatɔ̃blaatɔ̃, eye wòtsɔ abolo kple tsi nyi wòe.


Tete Izebel da ame ɖo ɖe Eliya be, wòagblɔ nɛ bena: Mawuwo afiam agafiam ɖe dzi, ne nyemewɔ wò agbe etsɔ wɔle siawo abe wo dometɔ ɖeka ƒe agbe ene o fi!


Esi Atalya. Axazya dada, kpɔ be, via ku la, etso, eye wowu fia ƒome blibo la.


Woƒe xexlẽme enye si, sikagba blaetɔ̃ kple klosalogba akpe ɖeka, hɛ blave vɔ asieke,


Elabena woƒe afɔwo le tsɔtsɔm ɖe vɔ̃ɖiwɔwɔ ŋu, eye wole abla ɖem, be woakɔ ʋu ɖi.


Hlɔ̃dola léa fu ame maɖifɔwo, eye wòdia nuteƒewɔlawo ƒe agbe yome.


Nusiwo wòna, wonye, klosalogba ɖeka, si da sekel alafa ɖeka blaetɔ̃, kple klosaloze ɖeka, si da sekel kɔkɔe blaadre, woa kple eve la yɔ ʋanaa kple wɔ memee, si wodzaba kple ami, ne woawɔ nuɖuvɔsae;


Nusiwo wòna, wonye klosalogba ɖeka, si da sekel alafa ɖeka blaetɔ̃, kple klosaloze ɖeka, si da sekel kɔkɔe blaadre; woa kple eve la yɔ banaa kple wɔ memee, si wodzaba kple ami, ne woawɔ nuɖuvɔsae;


Eye wotsɔ eƒe ta de agba me vɛ, eye wotsɔe na nyɔnuvia, eye wòtsɔe yi na dadaa.


Eyata wòka atam do ŋugbe nɛ be, nusianu, si ke wòabia la, yeanae.


Eye wòve fia la, gake le atam, si wòka, kple amesiwo nɔ kplɔ̃a ŋu kplii ŋuti la, eɖe se be, woatsɔe nɛ,


Eye esi wòɖo go yi la, egblɔ na dadaa bena: Nuka mabia mahã? Ke eya gblɔ bena: Bia Yohanes, mawutsidetanamela, ƒe ta.


Eye enumake wòɖe abla va fia la gbɔ, eye wòbiae gblɔ bena: Meɖi bena, natsɔ Yohanes mawutsidetanamela ƒe ta nam le agba me fifilaasi.


eye wòyi, eye wòtso ta le enu le gaxɔ me, eye wotsɔ eƒe ta ɖe agba me ve, eye wòtsɔe na nyɔnuvi la, eye nyɔnuvi la tsoe na dadaa.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa