7 Eyata wòka atam do ŋugbe nɛ be, nusianu, si ke wòabia la, yeanae.
7 eya ta edo ŋugbe be yeana nu sia nu si nyɔnuvi la abia ye lae.
Fia la gblɔ nɛ bena: Fiasrɔ̃ Ester, nya ka dzɔ ɖe dziwò, eye nuka dim nèle? Nenye fiaɖuƒe la ƒe afã gɔ̃e hã la, woatsɔe ana wò!
Esime wole wein nom la, fia la gblɔ na Ester bena: Nuka dim nèle? Woana wò! Eye nuka biam nèle? Nenye fiaɖuƒe ƒe afã gɔ̃e hã la, woawɔ edzi!
Eye esi wole wein nom la, fia la gabia Ester le ŋkeke evelia dzi be: Fiasrɔ̃ Ester, nuka biam nèle? Woana wò Eye nuka dim nèle? Nenye fiaɖuƒe ƒe afã gɔ̃e hã la, woawɔ edzi na wo!
Amesi ŋku la, eɖo vɔ̃ ɖe ta me, amesi va nuyi ɖe nu me goŋgoŋ la, ewɔ vɔ̃ ɖe goe xoxo.
Ke esi woɖu Herodes ƒe dzigbe la, Herodia ƒe vinyɔnuvi la va ɖu ɣe le wo titina, eye wòdze Herodes ŋu.
Ke eya la, esi dadaa gblɔe ɖi nɛ tà, egblɔ bena: Tsɔ Yohanes mawutsidetanamela la ƒe ta de agba me nam le afii!