Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 14:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Ke esi woɖu Herodes ƒe dzigbe la, Herodia ƒe vinyɔnuvi la va ɖu ɣe le wo titina, eye wòdze Herodes ŋu.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

6 Gbe ɖeka la, Herod nɔ dzigbezã ɖum, eye Herod ƒe vinyɔnuvi va ɖu ɣe le ame kpekpeawo ŋkume. Eƒe ɣeɖuɖu nya kpɔ na Herod ŋutɔ,

Onani mutuwo Koperani




Mateo 14:6
21 Mawu Ofanana  

Le ŋkeke etɔ̃agbe la Farao ɖu eƒe dzigbe, eye wòɖo kplɔ̃ na eƒe dɔlawo katã, eye wòɖe ahakulawo ƒe amegã kple aboloƒolawo ƒe amegã le gaxɔa me le eƒe dɔlawo katã ƒe ŋku me.


Eye fia la tu aglo gãa ɖe na eƒe amegãwo katã kple eƒe dɔlawo, si nye Ester ƒe aglo; ena anyigbawo dzinɔlawo dzudzɔ dɔwɔwɔ, eye wòna nu, abe alesi dze fia ene.


Elabena esi Herodes lé Yohanes la, eblae hede gaxɔ me le Herodia, si nye nɔvia Filipo srɔ̃ la ŋuti.


Eyata wòka atam do ŋugbe nɛ be, nusianu, si ke wòabia la, yeanae.


Nufiala, Mose gblɔ bena, ne amea ɖe ku, eye viwo mele esi o la, nɔvia naɖe srɔ̃a, ne wòado ƒome ɖi na nɔvia.


Eye fia Herodes see; elabena eƒe ŋkɔ ɖi hoo, eye wòbena: Yohanes mawutsidetanamelae tsi tre tso ame kukuwo dome; eyaŋuti ŋusẽwo le dɔ wɔm le eme.


Ke Herodes ŋutɔe dɔ wòlé Yohanes, eye wobiae de gaxɔ me le Herodia, si nye nɔvia Filipo srɔ̃ la, ŋuti, elabena eɖee.


Eye Herodia lée de dɔme, eye wòle didim be, yeawui, ke mete ŋui o,


Eye wòde se na wo bena: Mikpɔ nyuie, eye milé be na mia ɖokui le farisitɔwo ƒe amiwo ʋaʋã kple Herodes ƒe amewo ʋaʋã la ŋuti.


Le gaƒoƒo ma me ke farisitɔa ɖewo va gblɔ nɛ bena: Do go, eye nadzo le afisia; elabena Herodes le didim be, yeawu wò.


Ke Herodes kple eƒe asrafowo ɖo vloe, eye woɖu fewu le eŋu, eye esi wodo aklalabiɖibiɖiwu nɛ la, egbugbɔe ɖo ɖe Pilato gbɔ.


Eye esi wòdze sii bena, Herodes ɖe ŋusẽ te wòtso la, eɖoe ɖe Herodes gbɔ, amesi ŋuta hã le Yerusalem le ŋkeke siawo me.


Eye le kaisaro Tiberio ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuiatɔ̃lia me, esi Pontio Pilato le mɔ̃mefia ɖum le Yudea, eye Herodes enye dziɖula le Galilea, eye nɔvia Filipo enye dziɖula le Iturea kple Traxoniti-nyigbawo dzi, eye Lisania enye dziɖula le Abilene,


ke dziɖula Herodes, si wogbe nya na le Herodia, nɔvia srɔ̃ kple nu vɔ̃ɖi, siwo katã Herodes wɔ la ŋuti la,


kple Yohana, Kuza, si nye Herodes ƒe xɔnuvi la srɔ̃, kple Susana kple ame bubu geɖe, siwo tso woƒe nuwo subɔ wòe.


Le ɣemaɣi me fia Herodes ɖo asi hamevia ɖewo dzi, bena yeasẽ ŋuta le wo ŋu.


Elabena vavã woƒo ƒu le ɖu sia me ɖe wò dɔla kɔkɔe Yesu, amesi nèsi ami na la ŋuti, Herodes kple Pontio Pilato kpe ɖe trɔ̃subɔlawo kple Israel-dukɔwo ŋuti,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa