Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 14:20 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

20 Eye wo katã woɖu nu, eye woɖi ƒo, eye wòfɔ kakɛ, siwo susɔ la, ɖe xevi wuieve me fũ.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

20 Ame sia ame ɖu nu ɖi ƒo nyuie, eye esi woƒo nuɖuɖu wuwlui mamlɛawo nu ƒu la, woyɔ kusi wuieve sɔŋ.

Onani mutuwo Koperani




Mateo 14:20
21 Mawu Ofanana  

Mese Israel-viwo ƒe liʋĩliʋĩlilĩ la. Gblɔ na wo be: Fiẽ la miaɖu lã, eye ŋdi la miaɖu abolo aɖi ƒo, bena miadze sii be, nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu la.


Eye Mose gblɔ bena: Fiẽ la Yehowa ana lã mi miaɖu, eye ŋdi la ana abolo nu miedu aɖi ƒo, elabena Yehowa se liʋĩliʋĩ, si mieli ɖe eŋu la, ke miawo la amekawo míenye? Menye mía ŋu mieli o, ke boŋ Yehowa ŋue mieli.


Nu le ame dzɔdzɔe si wòaɖu aɖi ƒo; ke dɔkoe le ame vɔ̃ɖi ƒe ƒodo wɔm.


Magblẽ abolo, si nye miaƒe agbe la dome, eye nyɔnu ewo aƒo abolo de kpo ɖeka me, eye woaxlẽ abolo de do nu na mi, eye miaɖui maɖi ƒo na mi o.


Mieƒã nu taŋtaŋ, gake nu ʋeea ɖe ko mieŋe; miedu nu, meɖi ƒo na mi o; mieno nu, meɖi kɔ na mi o; mieta avɔ, mede dzo lã me na mi o; miewɔ dɔ xɔ fetu, eye mietsɔe de kotoku ŋɔŋɔ me.


Ke amesiwo ɖu nua la, woanɔ ŋutsu akpe atɔ̃, nyɔnuwo kple ɖeviwo mele eme o.


Eye nusrɔ̃lawo gblɔ nɛ bena: Afika míakpɔ abolo geɖe alea gbegbe atsoe le gbe sia dzi, bena ameha gã sia naɖu aɖi ƒo mahã?


Woayra amesiwo dzɔdzɔenyenye ƒe dɔ kple tsikɔ le wo wum ta; elabena woawoe aɖi ƒo.


Eya dɔwuitɔwo kple nu nyuiwo, eye kesinɔtɔwo la eɖo wo ɖa ƒuƒlu.


Eye woɖu nu, eye wo katã woɖi ƒo; eye wofa kakɛ, siwo susɔ la, ɖe kevi wuieve me heyii.


Filipo ɖo ŋu nɛ bena: Abolo denario alafa eve hã mele wo nu ɖe ge, bena wo dome ɖesiaɖe naxa via ɖe o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa