Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 13:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Ke bubuwo ge ɖe anyigba nyui la dzi, eye wotse, ɖewo alafa, ɖewo blaade, ɖewo blaetɔ̃.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

8 Ke nuku aɖewo hã ge ɖe anyigba nyuitɔ dzi, eye womie, tsi hetse ku geɖewo, ɖewo tse blaetɔ̃, bubuwo tse blaade, eye ɖewo hã tse alafa.

Onani mutuwo Koperani




Mateo 13:8
11 Mawu Ofanana  

Eye Isak ƒã nu ɖe anyigba ma dzi eye wòŋe nu le ƒe ma me wòdzi ɖe dzi zi alafa ɖeka sɔŋ, elabena Yehowa yrae.


Ke nusi wowu ɖe anyigba nyui la dzi la, eya nye amesi le nya la sem, eye wòsea egɔme, amesi tsena, ɖewo alafa, ɖewo blaade, ɖewo blaetɔ̃ la.


Bubuwo ge ɖe ŋuwo me, eye ŋuawo mie vu tsyɔ wo dzi.


Eye esiwo wowu ɖe anyigba nyui la dzi la, woawo nye amesiwo sea nya la, eye woxɔnɛ, eye wotsena, ɖewo blaetɔ̃, ɖewo blaade, ɖewo alafa.


Eye bubuwo ge ɖe anyigba nyui la dzi, eye esi womie la, wotsi, eye wotse, ɖewo blaetɔ̃, ɖewo blaade, eye ɖewo alafa.


Eye esi le anyigba nyui la me la, woawo nye amesiwo se nya la kple dzi nyui, si dza, eye wòlé eme ɖe asi sesĩe, eye wotsena le dzigbɔɖanyi me.


Eye bubu ge ɖe anyigba nyui la dzi, eye womie, eye wòtse teƒe alafa. Eye esi wògblɔ esiawo la, edo ɣli bena: Amesi to senu li nɛ la, nesee!


Esia me wokɔ Fofonye ŋuti le, bena mietsea ku geɖe, eye miazu nye nusrɔ̃lawo.


Elabena menyae bena, le menye — egɔmee nye: Le nye ŋutilã me la — nu nyuia ɖeke menɔa anyi o; elabena nu nyui lɔlɔ̃ la le asinye, ke nu nyui wɔwɔ la nyemekpɔ wɔe kura o.


bene dzɔdzɔenyenye ƒe ku, si wotsena to Yesu Kristo dzi la, nayɔ mi fũ hena Mawu ƒe ŋutikɔkɔe kple kafukafu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa