Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 13:47 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

47 Dziƒofiaɖuƒe la gaɖi ɖɔ, si woɖi ɖe ƒu me, eye wòɖe lã ƒomevi geɖewo;

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

47 “Dziƒofiaɖuƒe la gasɔ kple tɔƒodela aɖe si da asabu ɖe tɔ me, eye wòɖe lã vovovowo, ɖuɖuawo kple maɖumaɖuawo siaa la.

Onani mutuwo Koperani




Mateo 13:47
33 Mawu Ofanana  

Ɖɔkplɔlawo anɔ eto tso En-Gedi vaseɖe En-Eglayim, eye ɖɔkplɔƒe wòazu; eme lãwo asa gbɔ kpaŋkpaŋ abe atsiaƒu gã me lãwo ene.


Dziƒofiaɖuƒe la ɖi kesinɔnu, si woɣla ɖe abɔ me, esi amea ɖe kpɔ, eye wòtsɔe ɣla; eye le dzidzɔ, si wòkpɔ le eŋuti ta la, eyi ɖatsɔ nusiwo katã le esi la dzra, eye wòƒle nenem abɔ ma.


eye esi wòkpɔ dzonu ɖeka, si ƒe asi sẽ ŋutɔ la, eyi ɖatsɔ nusiwo katã le esi la dzra, eye woƒlee.


eye esi wòyɔ fũ la, woɖee va gota, eye wobɔbɔ nɔ anyi ƒo nyuiawo nu ƒu ɖe nuwo me, ke wotsɔ vloawo ƒu gbe.


Eye wògblɔ na wo bena: Miva nɔ yonyeme, eye mawɔ mi mianye ameɖelawo!


Eye Yesu gblɔ na wo bena: Miva nɔ yonyeme, eye mawo mi míazu ameɖelawo.


nenema ke hãe nye Yakobo kple Yohanes, Zebedeo ƒe viwo, amesiwo nye Simon ƒe hadɔwɔlawo. Eye Yesu gblɔ na Simon bena: Megavɔ̃ o! Tso esia dzi yina la èle amewo ɖe ge.


Alɔ sia alɔ, si le ŋutinye, eye metsena o la, elãnɛ, eye ɖesiaɖe, si tsena la, eɖea eŋu, bena wòatse geɖe awu.


Ne amea ɖe menɔ menye o la, woatsɔe aƒu gbe abe weinti ƒe alo ene, eye woaƒu, eye woaƒo wo nu ƒu, eye woatɔ dzo wo, eye woafia.


eye le mia ŋutɔwo dome la ŋutsu, siwo gblɔa nya dàdawo la, latsi tre, be woahe nusrɔ̃lawo de wo ɖokui yome.


Elabena ele vevie bena, kɔmamãwo hã naɖo mia dome, bene amesiwo li ke la, nadze ƒã le mia dome.


Mezɔ mɔ enuenu; meɖo ŋɔdzi me le tɔsisiwo dzi, meɖo ŋɔdzi me le adzodalawo dome, meɖo ŋɔdzi me le nye dukɔmeviwo gbɔ, meɖo ŋɔdzi me le trɔ̃subɔlawo gbɔ, meɖo ŋɔdzi me le du me, meɖo ŋɔdzi me le gbedzi, meɖo ŋɔdzi me le atsiaƒu dzi, meɖo ŋɔdzi me le aʋatsonɔviawo dome;


Ke wowɔe le aʋatsonɔvia ɖewo, siwo be va tra ɖe eme, bene woatsa ŋku miaƒe ablɔɖenyenye, si le mía si le Kristo Yesu me la me, bene yewoawɔ mí kluviwo ƒã la ŋuti,


Eye ŋlo ɖo ɖe hame, si le Sardes la, ƒe dɔla bena: Amesi si Mawu ƒe gbɔgbɔ adreawo kple ɣletivi adreawo le la, eyae gblɔ esiawo bena: Menya wò dɔwɔwɔwo bena, ŋkɔ le asiwò be, èle agbe, eye nèku.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa