Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 13:42 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

42 eye woatsɔ wo aƒu gbe ɖe dzokpo la me; afima avifafa kple aɖukliɖuɖu lanɔ.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

42 woatsɔ wo aƒu gbe ɖe kpodzo me, afi si avifafa kple aɖukliɖuɖu geɖe anɔ.

Onani mutuwo Koperani




Mateo 13:42
19 Mawu Ofanana  

ke boŋ amesi be, yeade asi wo ŋu la, ele be, woatso ga kple akplɔti ɖe asi, eye wòatɔ dzo wo ɖe wo teƒe.


Wò asi axe wò futɔwo katã, eye wò nuɖusi atu wò ketɔwo.


Ke amesi medze klo do gbe ɖa o la, wotsɔe aƒu gbe ɖe kpo, si me dzo le bibim le la me enumake!


eye woatsɔ wo aƒu gbe ɖe dzokpo la me; afima avifafa kple aɖukliɖuɖu lanɔ.


Tete fia la gblɔ na kplɔ̃ŋutisubɔlawo bena: Mibla afɔwo kple asiwo nɛ, eye mitsɔe ƒu gbe de viviti tsiɖitsiɖi la me, afima avifafa kple aɖukliɖuɖu lanɔ.


Tete wòagblɔ na amesiwo le mia me la hã bena: Mite ɖa tso gbɔnye, mi amesiwo woƒo fi de; miyi ɖe dzo mavɔ, si wodzra ɖo ɖi na Abosam kple eƒe dɔlawo la me!


amesi si lugbɔnu le, eye wòakplɔ eƒe lugbɔƒe keŋkeŋ, eye wòaƒo eƒe lu nu ƒu ala ɖe ava me, ke tsroa la, wòatsɔ dzo matsimatsi atɔe.


hafi fiaɖuƒe la ƒe viwo la, woatso wo aƒu gbe ɖe viviti, si le egodo la me; afima avifafa kple aɖukliɖuɖu lanɔ.


Afima avifafa kple aɖukliɖuɖu lanɔ, ne miakpɔ Abraham kple Isak kple Yakob kple nyagblɔɖilawo katã le mawufiaɖuƒe la me, ke wotsɔ miawo ya ƒu gbe ɖe egodo.


eya lano Mawu ƒe dɔmedzoe ƒe aha, si wometɔtɔ kɔ ɖe eƒe dɔmedzoekplu la me o, eye woatsɔ dzo kple dzokpe ewɔ fui le mawudɔla kɔkɔeawo kple alẽvi la ŋku me.


Eye wolé lã la kple aʋatsonyagblɔɖila, si wɔ dzesiwo le eƒe ŋku me, esiwo wotsɔ ble amesiwo xɔ lã la ƒe dzesi kple amesiwo de ta agu na eƒe legba; wotsɔ wo ame eve la siaa ƒu gbe ɖe dzota, si le bibim kple dzokpe la me agbagbe.


Eye wotsɔ Abosam, si ble wo la, ƒu gbe ɖe dzo- kple dzokpeta la me, afisi hã lã la kple aʋatsonyagblɔɖila la le, eye woawɔ fu wo zã kple keli tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.


Ke vɔvɔ̃nɔtɔwo kple dzimaxɔsetɔwo kple fewɔlawo kple hlɔ̃dolawo kple matrewɔlawo kple afakalawo kple trɔ̃subɔlawo kple aʋatsokalawo katã la woakpɔ wo tɔ gome le ta, si le bibim kple dzo kpakple dzokpe la me Esia enye ku evelia.


Eye woʋu aʋli me vudo la nu, eye dzudzɔ lu tso vudo la me abe kpodzo gãa ɖe ƒe dzudzɔ ene, eye ɣe kple yame do viviti le vudo la ƒe dzudzɔ la ŋuti.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa