Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 13:21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 ke esi ke meli nɛ o ŋuti la, enɔa anyi ʋee ko, eye ne fukpekpe kple yometiti le nya la ŋuti va la, enumake woɖia enu.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

21 gake abe nuku siwo miena ɖe anyigba ma ƒomevi dzi ene la, woƒe kewo medea to o, eye togbɔ be wotsina vlɔvlɔvlɔ hã la, ne yometiti va ko la, wogbɔdzɔna.

Onani mutuwo Koperani




Mateo 13:21
47 Mawu Ofanana  

Ne miegblɔ be, aleke míawɔ ati eyome? eye be: nya la ƒe agunu le gbɔnye la,


Elabena evivi nume nɛ le eŋku me, ne wòakpɔ mɔnu le eƒe dzidada ŋu, eye wòalé fui.


Nu vlo wɔlawo ƒe aboyonu le ame vɔ̃ɖiwo dzrom; ke ame dzɔdzɔewo ƒe ke adze.


Nu vɔ̃ɖi wɔwɔ mana amegbetɔ nali ɖi o; ke ame dzɔdzɔe ƒe ke maʋã o.


Efrayim, nuka mawu wò, eye Yuda, nuka mawɔ wò? Elabena míaƒe lɔlɔ̃ le abe ŋdililikpo kple zãmu, si nu yina le ŋdi ene.


Eye wo katã woalé mi ɖe ke me le nye ŋkɔ la ŋuti; ke amesi ke ado dzi vevie vaseɖe nuwuwu la, eya lakpɔ ɖeɖe.


Eye Woayra amesi ke mekpɔ nuɖiaɖia le ŋutinye o.


Ke nusi wowu ɖe kpenyigba dzi la, eya nye amesi, ne ese nyaa la, exɔne enumake kple dzidzɔ;


Ke Yesu gblɔ na wo bena: Womeɖoa kpo nyagblɔɖila bubu o, negbe le ye ŋutɔ fofoawo de kple ye ŋutɔ ƒe me ko. Eye mewɔ ŋusẽdɔ geɖewo le afima o, le woƒe dzimaxɔse ŋuti.


ke esi ɣe dze la, ŋdɔkutsu ɖu wo, eye esi ke meli na wo o ŋuti la, woyrɔ.


Ke amesi ke lado dzi vaseɖe nuwuwu la, eya lãkpɔ ɖeɖe.


Tete Yesu gblɔ na wo bena: Mi katã miele nuɖiaɖia kpɔ ge le ŋutinye le zã sia me; elabena woŋlɔ ɖi bena: „Mele alẽkplɔla ƒo ge, eye alẽha blibo la katã laka ahlẽ.“


Ke Petro xɔ dzi gblɔ nɛ bena: Ne wo katã woakpɔ nuɖiaɖia le ŋutiwò la, nye la nyemele ekpɔ ge gbeɖe o.


eye ke meli na wo o, eye wonɔa anyi ʋee ko; ke ne fukpekpe kple yometiti va le nya la ŋuti la, enumake wozua nuɖiaɖia na wo.


Eye esiwo le kpe gbadza dzi la, woawo nye amesiwo, ne wole esem la, woxɔa nya la kple dzidzɔ, eye esiawo la ke meli na wo o, esiwo xɔna sena ɣeyiɣia ɖe, eye le tetekpɔ ƒe ŋkekewo me la woɖea megbe.


Yesu ɖo ŋu na wo, eye wògblɔ bena: Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Miele diyem, menye bena, miekpɔ dzesiwo o; ke boŋ bena, mieɖu aboloawo ƒe ɖe, eye míeɖi ƒo.


Amesiwo tsɔa dzidodo le dɔ nyui wɔwɔ me dia ŋutikɔkɔe kple bubu kple nu magblẽmagblẽ la, woana agbe mavɔ wo;


Elabena le Kristo Yesu me la aʋatsotso mate ŋu awɔ naneke o, eye aʋamatsomatso hã nenema ke, hafi boŋ xɔse, si sẽa ŋu le bla me lae.


Ame alesi nu le didim be, yewoadze nyuie le ŋutilã me la, woawoe zi mia dzi, bena miana woatso aʋa na mi, le esia ta ko, bene woagatsɔ Kristo ƒe atitsoga la ati wo yome o.


Elabena le Kristo Yesu me la aʋatsotso kple aʋamatsomatso siaa menye naneke o, ke nuwɔwɔ yeye boŋ.


bene Kristo nanɔ anyi le miaƒe dziwo me to xɔse me,


esia ke ŋuti meɖoa ŋu ɖo bena, amesi dze do nyui wɔwɔ gɔme le mia me la, eya ke awu enu vaseɖe Yesu Kristo ƒe ŋkeke la dzi,


Enya esia bena, amesiwo katã le Asia la trɔ dzo le yonyeme, amesiwo dome Figelo kple Hermogene wole.


Elabena Dema gblẽm tii, le esi wògalɔ̃ fifi xexe sia me la ŋuti, eye wòyi ele Tesalonika; Kreske yi de Galatia, Tito yi de Dalmatia.


Elabena mí katã míeda vo le nu geɖewo me. Ne amea ɖe meda vo le nuƒoƒo me o la, eyae nye ame blibo, eye wòkpɔ ŋusẽ bena, wòaɖu ŋutilã blibo la katã hã dzi.


amesiwo ŋu wodzo le Mawu ƒe ŋusẽ me to xɔse me hena xoxo, si su te, bene woaɖee afia le ɣeyiɣi mamletɔ dzi,


Menya wò dɔwɔwɔwo kple afisi nenɔna, afisi Abosam ƒe zikpui le, eye nèlé nye ŋkɔ me ɖe asi sesĩe, eye mèsẽ nu le dzinye xɔxɔse ŋuti le ŋkeke, siwo me ke wowu Antipa, si nye nye ɖaseɖila nuteƒewɔla le mia dome, afisi Abosam nana la o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa