Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 13:20 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

20 Ke nusi wowu ɖe kpenyigba dzi la, eya nye amesi, ne ese nyaa la, exɔne enumake kple dzidzɔ;

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

20 Kpenyigba lae nye ame si sea nyanyui la, eye eƒe dzi xɔnɛ kple dzidzɔ,

Onani mutuwo Koperani




Mateo 13:20
17 Mawu Ofanana  

Ke esi wowɔe vo la, wotsɔ ga susɔea na fia la kple Yoyaɖa, eye wotsɔe wo Yehowa ƒe aƒe la me nuwo, subɔsubɔdɔwɔnuwo kple vɔsanuwo, trewo, sikanuwo kple klosalonuwo. Ale wosa numevɔ le Yehowa ƒe aƒe la me ɖaa le Yoyada ƒe agbenɔɣi katã.


Eye Yoas wɔ nusi dze Yehowa ŋu le nunɔla Yoyada ƒe agbenɔɣi katã.


Tete fia la yɔ Yoyada, si nye tatɔ la, eye wògblɔ nɛ bena: Nukaŋuti meɖi tso Lewi-viwo si be, woaɖaxɔ Yehowa ƒe dɔla Mose ƒe adzɔ, si wòɖo na Israel ƒe ameha la ɖe Mawu ƒe agbadɔ la ŋu la, tso Yuda kple Yerusalem si oa?


Wole diyem gbeawotsyogbe, eye wole didim be, yewoanya nye mɔwo; wole ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe dim tso gbɔnye abe dukɔ, si wɔa nu dzɔdzɔe, eye megblẽa eƒe Mawu ƒe ɖoɖowo ɖi o la ene; wole didim be, Mawu natsɔ ɖe yewo gbɔ!


Amesiame, si le fiaɖuƒe la ŋutinya sem, eye mesea egɔme o la, vɔ̃ɖitɔ la lava aha nusi wowu ɖe eƒe dzi me. Esia enye amesi gbɔ wowui ɖe mɔto le la.


ke esi ke meli nɛ o ŋuti la, enɔa anyi ʋee ko, eye ne fukpekpe kple yometiti le nya la ŋuti va la, enumake woɖia enu.


elabena amesiame, si biaa nu la, exɔa nu, eye amesi dia nu la, ekpɔa nu, eye amesi ƒoa ʋɔ la, woʋunɛ nɛ.


elabena Herodes vɔ̃ Yohanes, amesi wònya bena, enye ame dzɔdzɔe kple ame kɔkɔe wònye la, eye wòkpɔ eta. Eye ne eɖo toe la, eɖoa xaxa me le nu geɖewo ŋuti, eye eƒe gbesese vivina nɛ.


Eyama enye akaɖi, si le bibim, eye wòle keklẽm; ke miawo la miedi be, yewoakpɔ dzidzɔ gaƒoƒo ɖeka le eƒe keklẽ la me.


Ke Simon ŋutɔ hã xɔe se, eye esi wode mawutsi ta ne la, enɔ Filipo ŋu kplikplikpli; eye esi wòkpɔ dzesi kple ŋusẽdɔ gã, siwo wɔm wòle la, kuvia ɖoe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa