Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 13:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Eye woawu Yesaya ƒe nyagblɔɖi, si wògblɔ le wo ŋuti la nu bena: „Miase nu kple to, eye miele egɔme se ge gbeɖe o; míakpɔ nu kple ŋku, eye miele si dze gee gbeɖe o;

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

14 Nya sia wu nyagblɔɖila Yesaya ƒe nyagblɔɖi sia nu be, “ ‘Miaƒe towo ase nyawo gake miase wo gɔme o, Miaƒe ŋkuwo akpɔ nu gake miele si dze gee o.

Onani mutuwo Koperani




Mateo 13:14
11 Mawu Ofanana  

Dukɔ tsibome manyanu, mise esia, amesiwo ŋku li na, hafi womekpɔa nu o, to li na wo, ke womesea nu o!


Amevi, ƒome sẽto me nele, amesiwo ŋku li na, ne woatsɔ akpɔ nui, ke womekpɔa nu o, eye to li na wo, ne woatsɔ ase nui, ke womesea nu o, elabena ƒome sẽto wonye.


bena amesiwo le nu kpɔm la, nakpɔ nu, ke womagadze sii o; eye amesiwo le nu sem la, nase nu, ke womagase egɔme o, bena woagatrɔ, ne woatsɔ woƒe nuvɔ̃wo ake wo o.


Ke egblɔ bena: Miawo la wona mi bena, mianya mawufiaɖuƒe ƒe nu ɣaɣlawo, ke na ame bubuwo la le lododowo me bena, esi wole nu kpam la, ne woagakpɔe o, eye ne wole nu sem la, ne woagase egɔme o.


Gake la menye wo katãe ɖoa to nyanyuie lã o; elabena Yesaya gblɔ bena: „Aƒetɔ, amekae xa míaƒe nyagbɔgblɔ dzi se mahã?“


ke wona woƒe tamesusuwo sẽ. Elabena vaseɖe egbegbe sia la nutsyɔnu sia gale nubabla xoxo ƒe xexlẽ la dzi, eye womekloe o, elabena woɖenɛ ɖa le Kristo me.


Mekplɔ mi to gbedzi ƒe blane sɔŋ; ava mevuvu le mia ŋu o, eye afɔkpa mevuvu le afa na mi o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa