Eye ne amea ɖe agblɔ nya ɖe amegbetɔvi la ŋuti la, woatsɔe akee, ke amesi ke agblɔ nya ɖe Gbɔgbɔ kɔkɔe la ŋuti la, womatsɔe akee le xexe sia alo esi lava, va la me o.
Ke ne mianyae bena, ŋusẽ le Amegbetɔvi la si be, wòatsɔ nuvɔ̃wo ake le anyigba dzi; tete wògblɔ na lãmetututɔ la bena: Tsi tre, kɔ, wò aba dzi, eye nayi aƒewò me!
Kwasiɖa ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la mia dome amesiame natsɔ nane adzra ɖo ɖi vovo ɖe ye ŋutɔ gbɔ, eye wòaƒo enu ƒu le eƒe viɖekpɔkpɔ nu, bena menye ne meva la, hafi woadze nudzɔdzɔ gome o.