Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 12:46 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

46 Ke esi wogale nu ƒom na amehawo la, kpɔ ɖa, dadaa kple nɔviawo le tsitre le xexe le didim be, yewoaƒo nu kpakplii.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

46 Esi Yesu ganɔ nu ƒom na ameha la, dadaa kple nɔviŋutsuwo nɔ aƒea godo, eye wonɔ didim be yewoaƒo nu kplii.

Onani mutuwo Koperani




Mateo 12:46
26 Mawu Ofanana  

Ke Yesu Kristo ƒe dzidzi le ale: Esime wodo dadaa Maria ŋugbe na Yosef, eye hafi wova kpe la, wokpɔ bena, efɔ fu tso Gbɔgbɔ kɔkɔe la me.


Eye amea ɖe va gblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, dawò kple nɔviwòwo le tsitre le xexe le didim be, yewoaƒo nu kpli wò.


Nenem me sia la menye atikpala ƒe vie o ɖe? Alo menye ɖe woyɔa dadaa be: Maria, eye nɔviaŋutsuwo be: Yakobo, Yosef, Simon kple Yuda oa?


Eye esi woyi ɖe aƒea me la, wokpɔ ɖevi la kple dadaa Maria; tete wodze klo de ta agu nɛ, eye woʋu woƒe nuwo nu hetsɔ nunanawo, sika, kotoklobo kple lili nɛ.


gblɔ bena: Fɔ, nakplɔ ɖevi la kple dadaa ayi ɖe Israel-nyigba dzi, elabena amesiwo le ɖevi la ƒe ku dim la, woku.


Amea ɖeke metsɔa avɔ matakpɔ ƒe nuɖeɖi kaa avɔ xoxo o; ke ne menye nenem o la, ava yeye, si wotso kae la, aho avɔ xoxo la ɖe eɖokui ŋu, eye eƒe vuvu awu tsãtɔ.


Alo amesia la, de menye atikpala, si nye Mana vi la, kple Yakobo, Yose, Yuda kpakple Simon nɔvi lae o mahã? Eye nɔvianyɔnuwo hã mele mía dome afisia o mahã? Eye wòzu nuɖiaɖia na wo le eyama ŋuti.


Eye afika gɔ̃ nusia tso bena, nye Aƒetɔ la dada va gbɔnye mahã?


Eye fofoa kple dadaa ƒe mo wɔ yaa le nya, siwo wògblɔ le eyama ŋuti la ta.


Eye Simeon yra wo, eye wògblɔ na dadaa Mana bena: Kpɔ ɖa, woɖo amesia anyi na ame geɖewo ƒe anyidzedze kple tsitretsitsi le Israel, kple dzesi, si woagblɔ nya ɖe eŋuti;


Eye esi wokpɔe la, kuvia ɖo wo, eye dadaa gblɔ nɛ bena: Vinye, nukaŋuti newɔ ɖe mia ŋu ale? Kpɔ ɖa, mia kple fofowò miedi wò kple nuxaxa.


Eye wòyi kpli wo, eye wòva Nazaret, eye wòbɔbɔ eɖokui na wo, eye dadaa tsɔ nya siawo katã dzra ɖo ɖe eƒe dzi me.


Ke egblɔ bena: Miawo la wona mi bena, mianya mawufiaɖuƒe ƒe nu ɣaɣlawo, ke na ame bubuwo la le lododowo me bena, esi wole nu kpam la, ne woagakpɔe o, eye ne wole nu sem la, ne woagase egɔme o.


Ke dadaa kple dadaa nɔvinyɔnu Maria, Klopa srɔ̃, kpakple Maria, Magdalatɔ, wole tsitre ɖe Yesu ƒe atitsoga la gbɔ.


Eye le ŋkeke etɔ̃agbe la woɖu srɔ̃ɖeŋkekenyuie le Kana, le Galilea, eye Yesu ɖada le afima;


Esia megbe la eya kple dadaa kple nɔviawo kple eƒe nusrɔ̃lawo yi ɖe Kapernaum, eye wono afima ŋkeke geɖewo.


Dadaa gblɔ na subɔlawo bena: Nusi ke wòagblɔ na mi la, miwɔe.


Ke esi nɔviawo yi ŋkekenyuiea ɖuƒe la, eya hã yi, menye le gaglãgbe o, ke boŋ le adza me.


Tete la nɔviawo gblɔ nɛ bena: Dzo le afisia, eye nayi Yudea, bena wò nusrɔ̃lawo hã nakpɔ wò dɔwɔwɔ, siwo nèwɔna.


Elabena nɔviawo ke hã mexɔ edzi se o.


Amesiawo katã nɔ gbedodoɖa kpakple kukuɖeɖe dzi kple tame ɖeka kpe ɖe nyɔnuawo kple Maria, Yesu dada, kple eƒe nɔviŋutsuawo ŋuti.


Alo ɖe miekpɔ ŋusẽ bena, míakplɔ nɔvinyɔnu, si anye mía srɔ̃ la, anɔ nugbe yim, abe alesi apostolo bubuawo kple Aƒetɔ la nɔviwò kpakple Kefa hã wona ene oa?


Ke nyemekpɔ apostolowo dome ame bubua ɖeke o, negbe Yakobo. Aƒetɔ la nɔvi ko.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa