Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 12:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Ke egblɔ na wo bena; Alo miexlẽ nusi Dawid wɔ, esime dɔ wu eya kple amesiwo kpe ɖe eŋuti la, kpɔ o mahã?

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 Ke Yesu bia wo be, “Miexlẽ nu si Fia David kple eŋutimewo wɔ esi dɔ wu wo la oa?

Onani mutuwo Koperani




Mateo 12:3
13 Mawu Ofanana  

Esi Mose see la, edze eŋu.


Ke esi farisitɔwo kpɔe la, wogblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, wò nusrɔ̃lawo wɔ nusi mele sekɔa nu o la, le Sabat dzi.


Alesi wòyi ɖe mawuƒe la me, eye woɖu ŋkumeɖobolo, si womeɖe mɔ le eŋuti ne bena, eya kple amesiwo kpe ɖe eŋuti naɖu o, negbe nunɔlawo ko la oa?


Alo miexlẽ le se la me kpɔ bena, nunɔlawo gblẽa Sabat-kɔ ɖo le mawuxɔa me, eye nuvɔ̃ mele wo ŋu o oa?


Ke eɖo ŋu gblɔ bena: Alo miexlẽe kpɔ bena, amesi wɔ ame le gɔmedzedzea me ke la, atsu kple asi wòwɔ wòe o mahã?


Eye wogblɔ nɛ bena: Ese nusi ame siawo le gbɔgblɔm mahã? Eye Yesu gblɔ na wo bena: Ẽ! Alo miexlẽe kpɔ bena: „Ɖeviwo kple vi nonowo ƒe nu me nèdzra kafukafu ɖo o mahã?


Ke le ame kukuwo ƒe tsitretsitsi gome la, ɖe miexlẽ nya, si Mawu gblɔ ɖi na mi bena:


Ɖe miexlẽ ŋɔŋlɔ sia hã kpɔ bena: „Kpe, si xɔtulawo gbe la, eya ke trɔ zu dzogoekpe;


Ke le ame kukuwo gome, bena woatsi tre la, ɖe miexlẽ le Mose ƒe agbalẽ la me, alesi Mawu ƒo nu nɛ le ŋuve la me bena: „Nyee nye Abraham ƒe Mawu kple Isak ƒe Mawu kpakple Yakob ƒe Mawu“ la o mahã?


Eye wògblɔ nɛ bena: Nuka woŋlɔ ɖe segbalẽa me mahã? Aleke xlẽm nèlea?


Eye Yesu ɖo ŋu na wo bena: Alo miexlẽ nusi Dawid wɔ, esime dɔ wu eya kple amesiwo kpe ɖe eŋuti,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa