Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 12:25 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

25 Ke esi Yesu nya woƒe tamebubuwo la, egblɔ na wo bena: Fiaɖuƒe sia fiaɖuƒe, si mã ɖe ye ŋutɔ ɖokui ŋuti la, ezua aƒedo, eye du sia ɖu alo aƒe sia aƒe, si mã ɖe ye ŋutɔ ɖokui ŋuti la, mele anyi nɔ ge o;

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

25 Yesu nya nu si gblɔm wonɔ, eya ta eɖo eŋu na wo be, “Fiaɖuƒe si ma ɖe akpa eve, eye wotsi tsitre ɖe wo nɔewo ŋu la azu aƒedo, eye du alo aƒe si ma hetsi tsitre ɖe eya ŋutɔ ɖokui ŋu la agbã.

Onani mutuwo Koperani




Mateo 12:25
18 Mawu Ofanana  

Ɣemaɣi Israel-dukɔ la ma ɖe akpa eve me; dukɔ la ƒe akpa ɖeka ku ɖe Tibni, Ginat vi ŋu, be woatsɔe aɖo fiae, eye akpa evelia ku ɖe Omri ŋu.


Enya nye anyinɔnɔ kple nye tsitretsitsi, eye nèdze si nye susuwo tso adzɔgedzɔgee ke.


Nye Yehowa ye dzroa dziwo me, eye meɖoa ayikuwo me kpɔna; maɖo eteƒe na amesiame ɖe eƒe zɔzɔ kple eƒe nuwɔnawo ƒe kutsetse nu.


Elabena eya amesi mè towo, eye wòwɔ ya, etoa amegbetɔ ƒe tamesusuwo nɛ, enana agudzedze zua viviti, eye wòzɔa anyigba ƒe kɔkɔƒewo la ŋkɔ enye Yehowa, Mawu Zebaot!


Eye esi Yesu kpo wote tamebubuwo la, egblɔ bena: Nukaŋuti miele nu vɔ̃ɖiwo bum le miaƒe dzi me ale mahã?


Eye enumake esi Yesu dze sii le eƒe gbɔgbɔ me bena, wole ɖi kem le woa nutowo ɖokui me ale la, egblɔ na wo bena: Nuka wɔ miele nusiawo ƒe ɖi kem le miaƒe dzi me mahã?


Egblɔ nɛ zi etɔ̃lia bena: Simon, Yona vi, mèlɔ̃a nu gbɔnye oa? Eve Petro, elabena egblɔ nɛ zi etɔ̃lia bena: Mèlɔ̃a nu gbɔnye oa? Eye wògblɔ nɛ bena: Aƒetɔ, wòe nya nuwo katã, wòe dze sii bena, nyemena nu gbɔwò o. Yesu gblɔ nɛ bena: Nyi nye alẽawo.


Elabena amewo dometɔ kae nya nusi le ame me, ne menye ame ƒe gbɔgbɔ, si le eme la koe oa? Nenema ke amea ɖeke menya nusi le Mawu me la o, negbe Mawu ƒe Gbɔgbɔ la ɖeɖekoe.


Ke ne mieɖu, eye miemi mia nɔewo la, mikpɔ nyuie, be míagatsrɔ̃ mia nɔewo o!


eye nuwɔwɔa ɖeke mele ɣaɣla le eƒe ŋku me o; ke boŋ woklo nu le nuwo katã dzi, eye wotsi ƒeƒle le amesi gbɔ miaƒe nya le la ŋku me!


Eye du gã la ma ɖe akpa etɔ me, eye dukɔwo ƒe duwo mũ; eye woɖo ŋku Babilon gã la dzi le Mawu ƒe ŋku me, bene woana eƒe dɔmedzoedziku ƒe ahakplui, ne wòano.


eye matsɔ dɔvɔ̃ awu viawo. Eye hameawo kalẽ woanyae bena, nyee nye amesi dzroa ayikuwo kple dziwo me kpɔna, eye maɖo teƒe na mia dome amesiame le eƒe dɔwɔwɔwo nu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa