Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 12:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Ke esi Yesu dze si esia la, ete eɖokui ɖa tso afima, eye ameha geɖewo dze eyome, eye wòda gbe le wo katã ŋu,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

15 Yesu nya susu vɔ̃ si ɖom Farisitɔawo nɔ, eya ta edzo le ƒuƒoƒe la, ke ame geɖewo kplɔe ɖo hoo, eye wòda gbe le dɔnɔ siwo katã nɔ wo dome la ŋu.

Onani mutuwo Koperani




Mateo 12:15
15 Mawu Ofanana  

Ne woti mia yome le du sia me la, nusi yi ɖe bubua ɖe me; elabena vava mele egblɔm na mi bena: Miele Israel-duawo nu wu ge, hafi amegbetɔvi la nava o.


Eye ameha geɖewo dze eyome, eye wòda gbe le wo ŋu le afima.


Eye afisi wòyina ɖo le kɔƒewo alo duwo me alo agbletawo la, wotsɔa dɔlélawo va dana ɖe ablɔwo me, eye woɖea kuku ne bena, yewoade asi eƒe awuto ɖeɖeko ŋu; eye ame alesi nu de asi eŋu ko la, ƒe lãme sẽna.


Eye esi Yesu dze si woƒe ɖikekewo la, exɔ dzi gblɔ na wo bena: Nuka ɖi kem miele le miaƒe dzi me mahã?


Eye wòva ve me le ŋkeke siawo me bena, eɖo go yi to la dzi be, yeado gbe ɖa, eye wòdo ŋu hele gbe ɖom ɖa na Mawu.


Ke esi amehawo dze sii la, wodze eyome, eye wòxɔ wo, eye wòƒo nu na wo le mawufiaɖuƒe ŋuti, eye amesiwo hiã gbedala la, eda gbe le wo ŋu.


Eyaŋuti Yesu megatsana le Yudatɔwo dome le gaglãgbe o, ke boŋ edzo le afima yi anyigba, si te ɖe gbedzi ŋu la dzi, ɖe dua ɖe, si woyɔna be Efrayim la me, eye eya kple eƒe nusrɔ̃lawo tsi afima.


Le nusiawo megbe la Yesu tsa le Galilea; elabena melɔ̃ be, yeatsa le Yudea o, le esi Yudatɔwo ɖi be, yewoawui ta.


Ele nam bena, mawɔ amesi dɔm ɖa la ƒe dɔwɔwɔwo, zi alesi ŋkeke li; zã gbɔna dodo ge, le esi me amea ɖeke mate ŋu awɔ dɔ o.


Migana ɖeɖi nate mía ŋu le nu nyui wɔwɔ me o; elabena ne míegbɔdzɔ le nu nyui wɔwɔ me o la, míaŋe nu le ye ŋutɔ ƒe azãgbe la dzi!


Elabena esia ŋuti woyɔ mi vɛ ɖo; elabena Kristo hã kpe fu le mia ta, eye wògblẽ kpɔɖeŋu ɖi na mi, bene miadze eƒe afɔɖoƒewo yome,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa