Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 12:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 eye kpɔ ɖa, amea ɖe li, eye titi lé asi nɛ. Eye wobiae bena: Ɖe wòle se la nu bena, woada gbe le ame ŋu le Sabat dzi mahã? bena woatso enu.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

10 eye wòkpɔ ame aɖe si tsitsi lé asi na la le afi ma. Farisitɔ siwo nɔ afi ma la biae enumake be, “Ele se la nu be woada gbe le ame ŋu le Dzudzɔgbe ŋkeke la dzia?” Wonɔ mɔ kpɔm be aɖo eŋu be “Ɛ̃,” ne yewoatsɔ nya ɖe eŋu.

Onani mutuwo Koperani




Mateo 12:10
21 Mawu Ofanana  

Elabena bometsila gblɔa bometsinya, eƒe dzi hea dzɔgbevɔ̃e va aƒee, ne wòawɔ nu tovo ahagblɔ nya trama ɖe Yehowa ŋu, wòana dɔwuitɔwo natsi domeɣi, eye nunono nahiã tsikɔwuitɔwo.


Míeda vo, eye miegbe Yehowa, miede megbe tso mia Mawu la gbɔ, eye míeƒo ŋutasesẽ kple godzedze ƒe nu, míefa alakpanya ƒe tu, eye míedzii tso dzi me.


Amea ɖeke meli, si biaa dzɔdzɔenyenye ta sena o, eye ame ɖeke medrɔ̃a ʋɔnu ɖe eteƒe o, woɖoa ŋu ɖe nu dzodzroa ŋu, eye wodaa alakpa, wofɔa hiãkame ƒe fu hetsɔa dzɔgbevɔ̃e dzina.


Baba na lãkplɔvi dzodzro, si gblẽ lãha la ɖe ya me! Yi neva eƒe alɔ kple eƒe ɖusi ŋku dzi! Eƒe alɔ aƒu kplakplakpla, eye eƒe ɖusl ŋku agbã.


Ke esi farisitɔwo kpɔe la, wogblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, wò nusrɔ̃lawo wɔ nusi mele sekɔa nu o la, le Sabat dzi.


Eye farisitɔwo va egbɔ, eye wotee kpɔ gblɔ bena: Alo woɖe mɔ na ame bena, wòaɖe asi le srɔ̃a ŋu le nya sia nya ŋuti mahã?


Eye wole ŋudzɔ nɛ be, aɖa gbe le eŋu le Sabat dzi loo, bena yewoatso enu.


hele eŋu dzɔm, be woadi nyaa ɖe atso eƒe nu me.


Ke ƒuƒoƒemegã, si dome ve le Yesu ƒe gbedada le Sabat dzi ŋuti la, xɔ dzi gblɔ na ameha la bena: Ŋkeke aɖee li, siwo dze be, amewo nawɔ dɔ le me: eyaŋuti le woawo me la miva, be woada gbe le mia ŋu, ke menye le Sabat ƒe ŋkeke la dzi o.


Woɖe mɔ bena, miadzɔ nu na kaisaro loo, alo womeɖe mɔ oa?


egblɔ na wo bena: Miekplɔ amesia va gbɔnye abe amesi le dukɔ la ƒe tame trɔm ene; eye kpɔ ɖa, esi medrɔ̃ ʋɔnui le miaƒe ŋku me la, nyemekpɔ vɔ̃a ɖeke le amesia ŋu, si ŋuti miele enu tsom ɖo o;


Tete wode asi enutsotso me gblɔ bena: Míekpɔ amesia wòle miaƒe dukɔ la ƒe tame trɔm, eye wògbe na amewo bena, woagadzɔ nu na kaisaro o hele gbɔgblɔm bena, ye ŋutɔe nye Kristo, fia la.


Eyaŋuti Yudatɔwo gblɔ na amesi ŋu woda gbe le la bena: Egbee nye Sabat, eye womeɖe mɔ na wò be, natsɔ wò aba o.


Akpata siawo me dɔlélawo ƒe ha: Ŋkuagbãtɔwo, xɔdrɔ̃wo, titilélawo mlɔna henɔa tsi la ƒe bublu lalam. —


Ne wotso aʋa na ame le Sabat dzi, bena woagada Mose ƒe sea dzi o la, nukaŋuti miele dɔmedzoe dom ɖe ŋutinye, elabena mena ame blibo la ƒe lãme sẽ le Sabat dzi mahã?


Ke wogblɔ esia hele etem kpɔ, bena yewoakpɔ nyaa ɖe atso enu. Eye Yesu do dɔgɔ̃e, eye wòtsɔ asibide ŋlɔ nu ɖe anyigba.


Tete farisitɔwo dome ɖewo gblɔ bena: Amesia la menye Mawu gbɔ wòtso o, elabena medzra Sabat la ɖo o. Bubuwo gblɔ bena: Aleke nuvɔ̃wɔla ate ŋu awɔ dzesi siawo tɔgbe mahã? Eye mamã ɖo wo dome.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa