Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 11:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Alo nuka kpɔ ge miedo go yii? Alo amesi do awu bɔbɔewoa? Kpɔ ɖa, amesiwo do awu bɔbɔewo la, woawoe le fiawo ƒe aƒewo me.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

8 Ne mele eme nenema o ɖe, nu ka miedo go yi kpɔkpɔ ge? Ame si do awu nyuiwoa? Ao, ame siwo do awu nyuiwo la le fiasãwo me.

Onani mutuwo Koperani




Mateo 11:8
11 Mawu Ofanana  

Woɖo ŋu nɛ bena: Ŋutsu la nye fume, eye wòtsɔ lãgbalẽ bla ali dzi. Tete wògblɔ be: Eliya, Tisbitɔe.


ɣemaɣi Yehowa ƒo nu to Yesaya, Amoz vi la dzi bena: Yi natu akpanya le ali, eye naɖe atokotawo le wò afɔ. Tete wòwɔ nenema, eye wòɖe ama le afɔ ƒuƒlu le yiyim.


Le ɣemaɣi la ŋu akpe nyagblɔɖilawo dometɔ ɖesiaɖe ɖe eƒe ŋutega ŋu, ne egblɔ nya ɖi, eye womaɖo lãfuwu, be woaflu ame o.


Ke esi woawo trɔ yina la, Yesu de asi nyagbɔgblɔ me na amehawo le Yohanes ŋuti bena: Nuka kpɔ ge miedo go yi le gbedzi mahã? Alo ayeti, si ya le ʋuʋum mahã?


Ekema nukaŋuti gɔ̃e mieɖo go ɖo? Alo nyagblɔɖila kpɔ gea? Ẽ, mele egblɔm na mi bena: Ewu nyagblɔɖila hã.


Ke Yohanes la ŋutɔ la, kposɔfuwu le eŋu, eye lãgbalẽlidziblanu le eƒe ali dzi; eye eƒe nuɖuɖu enye ʋetsuviwo kple gbemenyitsi.


Alo nuka gɔ̃ kpɔ ge mieɖo go yie? Alo amesi ɖo awu bɔbɔea? Kpɔ ɖa, amesiwo le awu ŋɔŋɔewo me, eye wole agbe vivi nom la, woawoe le fiamɔ̃wo me.


Vaseɖe gaƒoƒo sia dzi la dɔ kple tsikɔ wua mí, eye miezɔa amama, eye woƒoa mí kple kɔ, eye nɔƒe gobia ɖeke meli na mi o.


le agbagbadzedze kple kutrikuku me; le ŋudɔdɔwo me agbadre, le dɔwuame kple tsikɔwuame me, le nutsitsidɔwo me agbadre, le vuvɔ kple amamanɔnɔ me.


Mia dome ŋutsu, si wɔa nu ɖe fewu me, eye wòɖua ve me vivi la, abia ŋku ɖe nɔviaŋutsu kple srɔ̃a, si le egbɔ, kpakple via mamlea, siwo kpɔtɔ ɖi la ŋu,


Eye mana ŋusẽ nye ɖaseɖila eve, bena woagblɔ nya ɖi ŋkeke akpe ɖeka kple alafa eve kple blaade, eye woanɔ akpanya me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa