Tete Yesu gblɔ na wo bena: Mi katã miele nuɖiaɖia kpɔ ge le ŋutinye le zã sia me; elabena woŋlɔ ɖi bena: „Mele alẽkplɔla ƒo ge, eye alẽha blibo la katã laka ahlẽ.“
Ke ne wò nuɖusi ŋku ɖia nu wò la, hoe le eme, eye natsɔe aƒu gbe, elabena enyo na wò be, wò ŋutinuwo dome ɖeka nagblẽ, wu esi woatsɔ wò ame blibo la katã aƒu gbe ɖe dzomavɔʋe la me.
Alo amesia la, de menye atikpala, si nye Mana vi la, kple Yakobo, Yose, Yuda kpakple Simon nɔvi lae o mahã? Eye nɔvianyɔnuwo hã mele mía dome afisia o mahã? Eye wòzu nuɖiaɖia na wo le eyama ŋuti.
Eye Simeon yra wo, eye wògblɔ na dadaa Mana bena: Kpɔ ɖa, woɖo amesia anyi na ame geɖewo ƒe anyidzedze kple tsitretsitsi le Israel, kple dzesi, si woagblɔ nya ɖe eŋuti;