Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 11:23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 Eye wò, Kapernaum, alo menye ɖe wokɔ wo ɖe dzi yi ɖatɔ dziŋgɔli me oa? Woate wò ɖe to vaseɖe tsiẽƒe ke; elabena ŋusẽdɔwɔwɔ, siwo wowɔ le mewò la, ɖe wowɔ wo le Sodom la, ne etsi anyi vaseɖe egbegbe.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

23 Eye mi Kapernaumtɔwo, ɖe woade bubu mia ŋuti le dziƒoa? Gbeɖe, woaɖo mi ɖe dzomavɔʋe la me, elabena ɖe wowɔ nukunu klitsu siwo wowɔ le mewò le Sodom la, ne womatsrɔ̃ dua o, ke boŋ anɔ anyi va se ɖe egbe.

Onani mutuwo Koperani




Mateo 11:23
30 Mawu Ofanana  

Ke Sodomtɔwo nye ame baɖawo, eye woda vo geɖe ɖe Yehowa ŋuti.


Aleke Aƒetɔ la na Zion-nyɔnuvi ɖo tsizi le eƒe dɔmedzoe me! Exlã Israel ƒe atsyɔ̃ ɖe anyi tso dziƒo, eye meɖo ŋu eƒe afɔɖodzinu le dɔmedzoedogbe o.


mana nayi aʋlimetɔ, siwo nye blematɔwo gbɔ; mana nanɔ tsieƒe le blemaƒedo me akpe de amesiwo le aʋli me la ŋu, ale be womagatso aƒe de mewo o, eye magadze le agbagbeawo ƒe anyigba dzi akpɔ o.


ne ati, siwo katã le tɔ to, magaƒo adegbe le woƒe koko ta, woƒe ɖɔmee magato alilikpo, eye woƒe ŋusẽtɔ, siwo katã nye tsinolawo la, magaɖo dzi ɖe wo ɖokui ŋu le woƒe gãnyenye me o! Elabena kuviwo wo katã wonye, eye wòayi tsieƒe abe amegbetɔvi, siwo yi aʋli me la ene.


Amevi, fa na Egipte ƒe ame gbogboawo, eye mia kple dukɔwo ƒe ŋusẽtɔwo ƒe nyɔnuviwo mido wo de tsieƒe ɖe amesiwo yi aʋli me la gbɔ!


Elam le afima, eye eƒe amehawo katã ɖe to ɖe eƒe yɔdo, ame tsiaʋawo sɔŋ wonye, eye wotsi yi nu, wonye bolotɔwo yi tsieƒe, woawoe de ŋɔdzi agbagbeawo ƒe anyigba dzi; azɔ ŋu akpe wo akpe de aʋli me yilawo ŋu.


Ne èyi dzi ʋĩ abe hɔ̃ ene, eye nèwɔ ato ɖe dzinuviwo dome hã la, matutu wò aƒu anyi tso afima, Yehowa ye gblɔe.


Vavã mele egblɔm na mi bena: Mele sesẽ ge na Sodom- kple Gomora-nyigba la le ʋɔnudrɔ̃gbe la, abe nenem du ma ene o.


Eye nye hã mele egblɔm na wò bena: Wòe nye Petro, eye nenem kpe gbadza sia dzi matu ye ha la ɖo, eye tsiẽƒe ƒe agbowo hã mele edzi ɖu ge o.


Esi wova Kapernaum la, amesiwo dzaa ga la, va Petro gbɔ, eye wogblɔ bena: Alo miaƒe nuxala ya menaa mawuxɔ me nudzɔdzɔ o mahã?


Eye esi woʋu le Nazaret la, eva nɔ Kapernaum, si le ƒua nu le Zebulon kple Naftali-nutowo me,


Eye esi wòva Kapernaum la, aʋafiaa ɖe va egbɔ le kuku ɖem nɛ


Eye wò, Kapernaum, alo menye ɖe wokɔ wò ɖe dzi yi ɖatɔ dziŋgɔli me oa! Woate wò ɖe to vaseɖe tsiẽƒe ke.


Elabena amesiame, si ado eɖokui ɖe dzi la, woabɔbɔe ɖe anyi, eye amesi abɔbɔ eɖokui ɖe anyi la, woadoe ɖe dzi.


Eye le tsieƒe, esi wòle fukpekpe me la, ewu eƒe mo dzi, eye wòkpɔ Abraham ɖa ʋĩ, eye Lazaro le eƒe akɔnu.


Eye wògblɔ na wo bena: Míado lo sia nam tsã be: „Gbedala, da gbe ɖokuiwò ŋu!“ Nusiwo miese bena, nèwɔ le Kapernaum la, wɔe le mía ɖe afisia hã.


Elabena magblẽ nye luʋɔ ɖe tsiẽƒe o, eye mana be, wò mawumeme la nakpɔ nyunyɔ o.


eye esi wòkpɔe ɖi la, eƒo nu le Kristo ƒe tsitretsitsi la ŋuti bena, womegblẽe ɖe tsiẽƒe o, eye eƒe ŋutilã hã mekpɔ nyunyɔ o.


Abe alesi wotsɔ Sodom kple Gomora kple du, siwo ƒo xlã wo, siwo wo ahasi akpa abe woawo ene, eye wodze ŋutilã bubu yome la, wo kpɔɖeŋu, esi wokpe dzo mavɔ ƒe fu la:


kple amesi le agbe, meku, eye kpɔ ɖa, mele agbe tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me, eye ku kple tsiẽƒe safuiwo le asinye.


Eye woƒe ŋutilã kukuwo anɔ du gã la ƒe ablɔ me; woyɔ ɖu sia le lododo me bena: Sodom kple Egipte, afisi hã woklã woƒe Aƒetɔ ɖe ati ŋu le.


Eye atsiaƒu ɖe ame kuku, siwo le eme la, hena, eye ku kple tsieƒe woɖe ame kuku, siwo le wo si la, hena, eye wodrɔ̃ ʋɔnu amesiame ɖe eƒe dɔwɔwɔwo nu.


Eye kpo ɖa, mekpɔ sɔ hẽa ɖe, eye amesi ɖoe la, ƒe ŋkɔe nye Ku, eye tsiẽƒe le eyome. Eye wona ŋusẽ wo ɖe anyigba ƒe akpa enelia dzi, be woatsɔ yi kple dɔwuame kple ku kpakple anyigba dzi lãwo awu amewoe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa