Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 11:21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Vɔ̃ ana wò, Korazin! Vɔ̃ ana wò, Betsaida! Elabena ŋusẽdɔwɔwɔ, siwo wowɔ le mewo la, ɖe wowɔ wo le Tiro kple Zidon la, ne wòtrɔ le woƒe dzi me le blema le akpanya kple afi me.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

21 Egblɔ le wo ŋu be, “Baba na wò Korazin! Baba na wò Betsaida! Elabena ne Tiro kple Sidon duwo mee mewɔ nukunu siwo mewɔ le mia dome le la, anye ne ameawo trɔ dzime xoxoxo, anɔ akpanya kple afi me.

Onani mutuwo Koperani




Mateo 11:21
31 Mawu Ofanana  

Eyata megbe nye nyawo, eye wovem le ke kple afi me.


Mekpe wò ahasiwɔwɔ, wò gbetete, wò amatrewɔwɔ vivivo kple wò ŋunyɔnuwɔwɔwo le togbɛwo dzi le gbegbe. Yerusalem, baba na wò! Ɣekaɣi gɔ̃ hafi ŋuwò nakɔ?


Ye ado viviti, eye ɣleti azu ʋu, hafi. Yehowa ƒe ŋkeke gã dziŋɔ la nava ɖo.


Ale Yehowa gblɔ esi: Le Tiro ƒe nu vɔ̃ɖi, wɔwɔ etɔ̃ kple eneawo la, nyematsɔe akee o; elabena woɖe aboyo amewo keŋkeŋ ɖade asi na Edom, eye womeɖo ŋu nɔviwo ƒe nubabla la o.


Eye megale egblɔm na mi bena: Mele sesẽ ge na Tiro kple Zidon le ʋɔnudrɔ̃gbeŋkeke la dzi abe miawo ene o.


Eye esi Yesu do go tso afima la, eva Tiro- kple Sidon-nutoawo me.


Baba na xexeame le nuɖiaɖia ŋuti: Elabena nuɖiaɖiawo lava tsã; ke baba na nenem me, si dzi nuɖiaɖia lato ava la.


Amegbetɔvi la le yiyim, abe alesi woŋlɔ ɖi le eŋuti ene; ke baba na nenem me, si lade Amegbetɔvi la asi! Enyo na nenem me la bena, womegaxae dzi o.


Eye esi wose nusiwo wòwɔ la, ameha gãa ɖe tso Yerusalem kple Idumea kple Yordan godo kpakple Tiro kple Zidon-nutoawo meva egbɔ.


Eye enumake wòƒoe ɖe eƒe nusrɔ̃lawo nu be, woaɖo ʋu, ne wòadze ye ŋgɔ ayi go keme dzi ɖe Betsaida, vaseɖe esime ye ŋutɔ yeaɖe asi le ameha la ŋu.


Eye wòdzo le afima heyi ɖe Tiro-nutoawo me. Eye wòyi ɖe aƒea ɖe me, eye melɔ̃ be, amea ɖeke nanyae o, ke mete ŋu ɣla eɖokui o.


Esi wògado go tso Tiro-nutoawo me la, etso Sidon heto Galilea-ƒu la nu heva Dekapoli-nutoawo me ke.


Eye wòva Betsaida. Eye wokplɔ ŋkuagbãtɔa ɖe va egbɔ, eye woɖe kuku nɛ bena, wòaɖe asi eŋu.


eye womeɖo Eliya ɖe wo dometɔa ɖeke gbɔ o, negbe ɖe Sarepta le Zidon-nyigba dzi de nyanu ahosia ɖe gbɔ ko.


Eye esi wòɖi kpli wo la, etsi tre ɖe gbadzaƒea ɖe, eye eƒe nusrɔ̃lawo ƒe ha gãa ɖe kple amewo ƒe ha gãa ɖe, si tso Yudea katã kple Yerusalem kple Tiro kpakple Sidon-ƒuta la, va be woaɖo toe, eye be woada gbe le yewo ŋu le woƒe dowo me;


Eye esi apostoloawo tro va la, woxlẽ nusiwo wowɔ la fiae. Eye wòtso wo kpe ɖe eɖokui ŋu hekplɔ wo ɖe aga ɖe dua ɖe, si woyɔna be Betsaida la me.


Ke Filipo tso Betsaida, Andrea kple Petro ƒe du.


amesiawo va Filipo, si tso Betsaida le Galilea la gbã, eye woɖe kuku nɛ gblɔ bena: Aƒetɔ, miele didim be, míakpɔ Yesu ɖa.


Eye dome vee ɖe Tirotowo kple Zidontɔwo ŋu; ke wova egbɔ kple nu sɔsɔe, eye esi wowɔ xɔlɔ̃ kple Blasto, si nye fia ƒe nuwo dzikpɔla la, wòbia tomefafa; elabena woƒe anyigba kpɔa nunyiame tso fia la tɔ dzi.


Esi ŋu ke la, míedze ɖe Sidon, eye Yulio nyo dome na Paulo, eye wòɖe mɔ nɛ bena, wòayi xɔlɔ̃awo gbɔ, be woagbã ɖe eme.


Baba na wo! Elabena wodze Kain ƒe mo dzi yina, eye wohe wo ɖokui ɖe Bileam ƒe beblefetu la me, eye wotsrɔ̃ le Kora ƒe agudzedze la me.


Eye mana ŋusẽ nye ɖaseɖila eve, bena woagblɔ nya ɖi ŋkeke akpe ɖeka kple alafa eve kple blaade, eye woanɔ akpanya me.


Eye esime wòɖe nutrenu adelia ɖa la, mekpɔ, eye anyigbaʋuʋu gãa ɖe va dzo, eye ɣe tro zu yibɔ abe lãfukotoku ene, eye ɣleti tra zu abe ʋu ene.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa