Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 11:19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 Amegbetɔvi la va, ɖua nu, noa nu hã, eye wogblɔ bena: Kpɔ ɖa, amesia enye nutsuɖula kple ahatsunola, nudzɔlawo kple nuvɔ̃wɔlawo ƒe xɔlɔ̃. Eye nunya la ƒe dɔwɔwɔ tso afia nɛ.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

19 Ke nye Amegbetɔ Vi la, meɖua nu, noa nu, eye miawo ke miegblɔ tso ŋunye be, ‘Nutsuɖula kple ahatsunolae wònye, eye wòdea ha kple nu vɔ̃ wɔlawo!’ Ke Mawu ƒe nunya tsoa afia na eɖokui to eƒe nuwɔnawo me.”

Onani mutuwo Koperani




Mateo 11:19
19 Mawu Ofanana  

Esia nenye nye ketɔwo kple amesiwo le nye gblɔm ɖe ŋunye la, ƒe fetu tso Yehowa gbɔ!


Nunya le nugɔmesela ŋku me; ke bometsila ƒe ŋku le anyigba ƒe mlɔenu ke.


Elabena ahatsunola kple nutsuɖula ɖe wodaa ahe, eye alɔ̃tsudɔla ɖe wònɔa ɖuvu me.


Elabena ne mielɔ̃a amesiwo lɔ̃a mi la, fetu ka kpɔm miele mahã? Alo menye nudzɔlawo hã wɔa nenema ke o ɖe?


Eye wòva ve me, esi wòyi ɖe farisitɔwo ƒe amegãwo dometɔ ɖeka ƒe me le Sabat dzi, be yeaɖu abolo la, wole ŋudzɔ ne.


Eye esi wokpɔe la, wo katã woli liʋiliʋi gblɔ bena: Eyina ŋutsu, si nye nuvɔ̃wɔla gbɔ dze ge.


Eye esi dukɔ la katã kple nudzɔlawo see la, wotso afia na Mawu, eye wona wotsɔ Yohanes ƒe mawutsi de ta na wo.


eye wokpe Yesu hã kple eƒe nusrɔ̃lawo va srɔ̃ɖeƒe.


Mía dome amesiame nadze ehavi ŋu hena eƒe nyonyo, bene woatsɔe atu;


Amen, kafukafu kple ŋutikɔkɔe kple nunya kple akpedada kple bubu kple ŋutete kple ŋusẽ woana mía Mawu la tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me! Amen.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa