Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 11:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Eye tso Yohanes mawutsidetanamela ƒe ŋkekeawo dzi vaseɖe egbegbe dzi la woƒo zi ɖe dziƒofiaɖuƒe la ŋuti, eye amesiwo ƒo zi ɖe eŋuti la, woawoe le eham.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

12 Tso Yohanes Mawutsidetanamela ƒe ŋkekewo me va se ɖe fifia la, dziƒofiaɖuƒe la le ŋgɔ yim ŋusẽtɔe, eye ŋkumesesẽtɔwoe le eham.

Onani mutuwo Koperani




Mateo 11:12
11 Mawu Ofanana  

Vava, mele egblɔm na mi bena: Le amesiwo nyɔnuwo dzi dome la, amea ɖeke metsi tre kpɔ, si wu Yohanes mawutsidetanamela o; gake amesi nye suetɔ le dziƒofiaɖuƒe la me la, wu eyama.


Elabena nyagblɔɖilawo katã kple se la wogblɔ nya ɖi vaseɖe Yohanes dzi.


Ke Yesu ɖo eŋu gblɔ nɛ bena: Na mɔ azɔ, elabena nenema koe dze mí bena, míawu nu dzɔdzɔewo katã nu. Tete wòɖe mo nɛ.


Miʋli be, miayi ɖe agbo bii la me, elabena mele egblɔm na mi bena: Ame geɖewo ladi be, wòayi ɖe eme, eye womate ŋui o.


Se la kple nyagblɔɖilawo nɔ anyi vaseɖe Yohanes dzi; tso ekema dzi la wole mawufiaɖuƒe ƒe nyanyuie la gblɔm fia, eye amesiame yi ɖe eme sesẽtɔe.


Elabena ɣeaɖewoɣi la mawudɔla ɖe ɖina ɖe ta la me, eye wòblua tsi la: eye amesi tre tsi la me dzedze le eƒe bublu megbe la, ƒe lãme sẽna tso dɔ sia dɔ, si lém wòle la me. —


Midze agbagba, menye ɖe nuɖuɖu, si gblẽna ta o, ke boŋ ɖe nuɖuɖu, si anɔ anyi hena agbe mavɔ la ta, esi Amegbetɔvi la lana mi; elabena nenem me la ŋu Mawu Fofo la de dzesi!.


Eyaŋuti, nye lɔlɔ̃tɔwo, abe alesi mieɖoa to ɖaasi ene la, mitsɔ vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya wo mia ŋutɔwo miaƒe xɔxɔdɔ la; menye abe esime menɔ mia gbɔ ene la ɖeɖeko o, ke boŋ azɔ, esi nyemele mia gbɔ o la, miwɔe geɖe wu!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa