Eye Dawid gblɔ na Abisai kple eƒe dɔlawo katã bena: Kpɔ ɖa, vinye, si do tso nye ali me la, le nye ku dim; aleke wɔ Benyamintɔ mahadii oa? Mina, ne wòado ɖiŋu ko, elabena Yehowae gblɔe nɛ!
Elabena nɔviwòwo kple tofowò ƒemetɔwo hã trɔ le yowòme, woawo hã le ɣli dom ɖe yowòme sesĩe, megaɖo dzi ɖewo ŋu o, nenye be, wole nya ŋɔŋɔe gblɔm na wò hã.
Esi nɔvia xoxoetɔ Eliab se, alesi wòle nu ƒom kple ameawo la, dzi ku Eliab ɖe Dawid ŋu wògblɔ bena: Nuka wɔ ge nèva, eye ameka si netsɔ alẽ ʋee mawo ɖee le gbeadzi? Menya dàda kple vovlo, si le wò dzi me, elabena aʋa teƒe kpɔ ge nèva!