Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 10:33 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

33 ke amesi ke lagbe nu le gbɔnye le amewo ƒe ŋku me la, nye hã magbe nu le eyama gbɔ le Fofonye, si le dziƒowo la, ƒe ŋku me.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

33 Ke ne ame aɖe gbe nu le gbɔnye le dutoƒo la, nye hã magbe nu le egbɔ le Fofonye gbɔ le dziƒo.

Onani mutuwo Koperani




Mateo 10:33
11 Mawu Ofanana  

Míeda vo, eye miegbe Yehowa, miede megbe tso mia Mawu la gbɔ, eye míeƒo ŋutasesẽ kple godzedze ƒe nu, míefa alakpanya ƒe tu, eye míedzii tso dzi me.


Eye Yesu gblɔ nɛ bena: Mele egblom na wò bena: Egbe ƒe zã sia me ke, hafi koklo naku atɔ zi eve la, agbe nu zi etɔ̃ le gbɔnye.


Eye enumake la koklo ku atɔ zi evelia. Eye Petro ɖo ŋku nya la dzi, alesi Yesu gblɔ nɛ bena: Hafi koklo naku atɔ zi eve la, agbe nu le gbɔnye zi etɔ̃. Eye wòƒu du do go, eye wòfa avi.


Elabena amesi ke kpe ŋu nye kple nye nyawo le dzidzime wɔahasi kple dzidzime wonuvɔ̃ sia dome la, Amegbetɔvi la hã akpe ŋui, ne ava le Fofoa ƒe ŋutikɔkɔe me kple mawudɔla kɔkɔeawo.


ke amesi ke gbe nu le gbɔnye le amewo ƒe ŋku me la, woagbe nu le eya hã gbɔ le mawudɔlawo ƒe ŋku me.


Ke egbe nu le egbɔ gblɔ bena: Nyɔnu, nyemenya eyama o.


Elabena amesi ke kpe ŋu nye kple nye nyawo la, Amegbetɔvi la akpe ŋu eya hã, ne ava le eya ŋutɔ kple Fofoa kple mawudɔla kɔkɔeawo ƒe ŋutikɔkɔe la me.


ne miedo dzi la, míaɖu fia hã kpakplii; ne miegbe nu le egbɔ la, eyama hã lagbe nu le mia gbɔ;


Ke aʋatsonyagblɔɖilawo va tsi tre le dukɔ la dome, abe alesi aʋatsonufialawo lava míawo hã mia dome ene, amesiwo latsɔ gbegblẽ ƒe kɔmamãwo ava tra ɖe eme dzaa, eye woagbe nu le Aƒetɔ, si xe fe ɖe wo ta la gbɔ, eye woahe gbegblẽ kpatakpata ava wo ɖokui dzi.


Amesiame, si sẽ nu le Vi la ŋuti la, eya ke sie Fofo la hã mele o: amesi ke ʋua Vi la me la, eya ke sie Fofo la hã le.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa