31 Eyaŋuti migavɔ̃ o! Mia tɔ vena wu atsutsurɔe geɖewo tɔ.
31 eya ta migavɔ̃ o; miawo la, miexɔ asi na Mawu tsɔ wu atsutsrɔewo.
nuka nye amegbetɔ, be néɖoa ŋku edzi, kple amegbetɔvi, be néléa ŋku ɖe eŋu?
Mikpɔ dziƒoxeviwo ɖa, womeƒãa nu o, womeŋea nu hã o, eye womeƒoa nuwo ƒu ɖe avawo me hã o, ke mia Fofo, si le dziƒo la, nyia wo. Alo ɖe mia tɔ mevena wua woawo to o mahã?
Mibu akpaviãwo ŋu bena, womeƒãa nu, alo ŋea nu o, eye nudzraɖo ƒe alo ava mele wo si o, ke Mawu nyia wo; miawo la mia tɔ vena wua xewo tɔ.