Nyɔnu la gblɔ be: Taflatse, fia la neɖo ŋku Yehowa, eƒe Mawu dzi, ne hlɔ̃biala magagblẽ nu ɖe dzi, eye wòatsrɔ̃ vinyeŋutsu ɖa o! Tete wògblɔ be: Meta Yehowa ƒe agbe: Ne viwò ƒe ɖa ɖeka age ɖe anyigba fi!
Gake dukɔ la gblɔ na Saul bena: Ɖe Yonatan, amesi du dzi gã sia le Israel la, akua? Esia nede megbe xaa! Mieta Yehowa ƒe agbe be, taɖaa ɖeke mage tso eƒe ta ɖe anyigba o; elabena Mawue na be, wowu nusia egbea! Ale dukɔ la xɔ nya ɖe Yonatan nu, be meku o.