Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 10:25 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

25 Esɔ gbɔ na nusrɔ̃la, ne woazu abe eƒe nufiala ene, kple subɔla abe eƒe aƒetɔ ene. Ne woyi aƒetɔ la be Beelzebul la, aleke woahayɔ eƒe aƒemetɔwo a wui?

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

25 Ne nya aɖe dzɔ ɖe nufiala aɖe dzi la, eƒe sukuvi la hã dzi wòdzɔ ɖo. Nenema ke ne nya aɖe dzɔ ɖe Aƒetɔ aɖe dzi la, eƒe subɔvi hã le eme, eye esi wònye be woyɔ nye, Aƒea dzi kpɔla be Belzebul ɖe, aleke woayɔ miawoe?

Onani mutuwo Koperani




Mateo 10:25
13 Mawu Ofanana  

Eye Axazya ge tso eƒe xɔtaxɔ ƒe fesre nu le Samaria, eye do dze eɖzi. Tete wòdo amewo gblɔ na wo bena: Miyi Mabia nu Ekrontɔwo ƒe mawu Baal-Zebub be, ɖe mahaya tso nye dɔléle sia mea?


Ke esi farisitɔwo see la, wogblɔ bena: Nenem me sia manyã gbɔgbɔ vɔ̃wo ado goe, ne menye to Beelzebul, si nye gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia la dzi o.


Ne nye la menya gbɔgbɔ vɔ̃wo do go to Beelzebul dzi la, ekema miaƒe ŋutsuviwo la, ameka dzi woto nyã wo do goe mahã? Eyakeŋuti la woawo azu miaƒe ʋɔnudrɔ̃lawo.


Ke farisitɔwo gblɔ bena: Gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia la dzie wòto nyã gbɔgbɔ vɔwo do goe.


Eye wogblɔ nɛ bena: Miate ŋui. Ke Yesu gblɔ na wo bena: Kplu, si ke nye ŋutɔ miano la, mianoe, eye mawutsi, si woatsɔ aɖe ta na nye ŋuta la, woatsɔ ade ta na mi;


Eye agbalẽfiala, siwo tso Yerusalem va la, gblɔ bena Beelzebul le eme, eye wònyã gbɔgbɔ vɔ̃wo do go to gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia la dzi.


Ke wo dometɔa ɖewo gblɔ bena: Enyã gbɔgbɔ vɔ̃wo do go to Beelzebul, si nye gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia la dzi.


Eye ne Satana hã ma ɖe ye ŋutɔ ŋuti la, aleke eƒe fiaɖuƒe la anɔ anyii mahã? Elabena miegblɔ bena, menya gbɔgbɔ vɔ̃wo ɖo goe to Beelzebul dzi.


Eye nye la, ne menya gbɔgbɔ vɔ̃wo ɖo goe to Beelzebul dzi la, ekema mia viwo la, ameka dzie woto nyã wo do goe mahã? Le esia ta woawo azu miaƒe ʋɔnudrɔ̃lawo.


Eye wo dome ame geɖewo gblɔ bena: Gbɔgbɔ vɔ̃ le eme, eye eƒe tame da; nukaŋuti miele to ɖomi mahã?


Ameha la ɖo ŋu bena: Gbɔgbɔ vɔ̃ le mewo: ameka le didim be, yeawu wò mahã?


Yudatɔwo xɔ dzi gblɔ nɛ bena: Ɖe miegblɔe de eteƒe bena, Samariatɔ nenye, eye gbɔgbɔ vɔ̃ le mewo o mahã?


Yudatɔwo gblɔ nɛ bena: Azɔ ko míedze sii bena, gbɔgbɔ vɔ̃ le mewo. Abraham ku, nyagblɔɖilawo hã ku, eye wòa nèle gbɔgblɔm bena: Ne amea ɖe dzra nye nya ɖo la, mele ku ɖɔ ge akpɔ o vaseɖe mavɔmavɔ me mahã?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa