Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 10:19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 Eye ne wode mi asi la, migaɖe fu na mia ɖokui be, aleke alo nuka gblɔ ge míala o; elabena le nenem gaƒoƒo ma me la woana nusi ke gblɔ ge míala la mi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

19 “Nenye be wolé mi, kplɔ mi yi ʋɔnu la, migatsi dzi le nu si miagblɔ ŋuti o, elabena woade nya si tututu wòle be miagblɔ la susu me na mi le ɣeyiɣi ma me.

Onani mutuwo Koperani




Mateo 10:19
20 Mawu Ofanana  

Heyi ko, makpe ɖe ŋuwò naƒo nu, eye mafia nusi nagblɔ la wò.


Ekema naƒo nu kplii, eye natsɔ nyawo ade enu, eye nye la makpe ɖe mia ŋu miaƒo nu, eye mafia nusi miawɔ la mi.


Yehowa gblɔ nam bena: Meganɔ gbɔgblɔm be, yemetsi o, ke boŋ afisiafi, si maɖo wò ɖo la, nayi, eye gbe, siwo katã made asiwò la, nagblɔe.


Eye Yehowa do eƒe asi ɖa hetɔ nu nam, eye Yehowa gblɔ nam bena: Kpɔ ɖa, metsɔ nye nyawo le nuwo ɖem.


eye woakplɔ mi ayi ɖe mɔ̃mefiawo kple fiawo ƒe ŋku me le tanye, ne wòanye ɖaseɖiɖi na woa kple trɔ̃subɔlawo.


Eyakeŋuti mele egblɔm na mi bena: Migatsi dzimaɖi le miaƒe agbe ŋuti, nusi miaɖu kple nusi miano o, alo le miaƒe ame blibo la ŋuti, nusi miata o. Alo agbe mewu nuɖuɖu o ɖe, eye ame blibo la mewu avɔtata o ɖe?


Eyaŋuti migaɖe fu na mia ɖokui agblɔ bena: Nuka míaɖu, nuka miano, alo nuka míatsɔ ata mahã o.


Eyaŋuti migatsi dzimaɖi le etso si gbɔna la, ƒe nuwo ŋuti o; elabena etso si gbɔna la, adze agbagba le eya ŋuta ƒe nuwo ŋuti. Ŋkeke ƒe vɔ̃ la sɔ gbɔ nɛ.


Eye ne wokplɔ mi yi ɖe ƒuƒoƒewo kple dziɖulawo kple ŋusẽtɔwo ƒe ŋku me la, migatsi dzimaɖi be, aleke miawɔ alo nuka tsɔ ge míala aɖe mia ɖokui nu alo agblɔ o;


elabena Gbɔgbɔ kɔkɔe la afia nusi miagblɔ la mi le gaƒoƒo ma dzi.


Eye womete ŋu tsi tre de nunya kple gbɔgbɔ, si wòtso le nu ƒom la nu o.


Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o, ke boŋ le nusianu me la mitsɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖe na Mawu nanya miaƒe dzimedidiwo, eye mitsɔ akpedada kpe ɖe eŋuti.


Ke Aƒetɔ la tsi tre ɖe gbɔnye, eye wòdo ŋusẽm, bena mawu gbeƒãɖeɖe la nu, eye trɔ̃subɔlawo katã nasee, eye wòɖem le dzata ƒe nu me.


Ke ne mia dometɔa ɖe le nunya hiãm la, neɖe kuku na Mawu, si na amewo katã faa, eye medoa ŋukpe ame o la, eye wòatsɔe anɛ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa