Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 1:23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 „Kpo da, ɖetugbi, si menya ŋutsu o la, le fu fɔ ge, eye wòadzi ŋutsuvi, eye woayɔ eƒe ŋkɔ be Imanuel, si gome ènye: Mawu li kpli mi.“

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

23 “Ɖetugbi si menya ŋutsu o la afɔ fu, eye wòadzi ŋutsuvi, eye woayɔ eƒe ŋkɔ be, Imanuel” (si gɔmee nye, “Mawu li kpli mí ”).

Onani mutuwo Koperani




Mateo 1:23
18 Mawu Ofanana  

Midzudzɔ, ne miadze sii be, nyee nye Mawu; meɖo kpo ɖe dukɔwo dzi, meɖo kpo ɖe anyigba dzi!


Dukɔwo dze agbo, ke de le fiaɖuƒewo te; enu eƒe gbe di, tete anyigba lólo.


Kpɔ ɖa, Mawu enye nye xɔname, dzi le ƒonye, nyemavɔ̃ o; elabena nye ŋusẽ kple nye hadzidzi enye Yehowa, ẽ, Yehowa, eye eya zu nye xɔname!


Eyata Aƒetɔ la ŋuta ana dzesi mi: Kpɔ ɖa, ɖetugbi afɔ fu, eye wòadzi ŋutsuvi ana ŋkɔe be „Mawu li kpli mí“.


Ke esi Yosef nyɔ tso alɔ̃ me la, ewo alesi Aƒetɔ ƒe dɔla la gblɔ nɛ, eye wòkplɔ srɔ̃a va eɖokui gbɔe;


miaha wo bena, woawɔ nusiwo katã meɖo na mi la; eye kpɔ ɖa, nye la meli kpli mi ŋkekeawo katã vaseɖe xexeame ƒe nuwuwu.


Azɔ ne Dawid yɔnɛ be Aƒetɔ la, aleke wo wònye via mahã?


Eye Nya la trɔ zu ŋutilã, eye wònɔ anyi le mia dome, eye míekpɔ eƒe ŋutikɔkɔe abe Tenuvi, si wodzi tso Fofoa gbã la, ƒe ŋutikɔkɔe ene, eye amenuveve kple nyateƒe yɔe fũ.


Ke Aƒetɔ la gblɔ na Paulo le ŋutega me le zã me bena: Megavɔ̃ o, hafi boŋ ƒo nu, eye megazi ɖoɖoe o;


Azɔ, nuka gblɔ ge míala le esia ŋutii? Ne Mawu le mia dzi la, ameka atsi tre ɖe mía ŋutii?


amesiwo to nye fofoawo, amesiwo me Kristo hã dzo tso le ŋutilã nu, amesi nye Mawu, si ƒo wo katã ta la, amesi wokafuna yi ɖe mavɔmavɔ me! Amen.


Elabena Mawu enye amesi nɔ Kristo me lé avu le xexeame kple eɖokui dome, eye mebu woƒe vodadawo na wo o, eye wòtsɔ avulénya la de mia me.


Eye edze ƒã bena, gã enye mawusosroɖa ƒe nya ɣaɣla la: Mawu ɖe eɖokui fia le ŋutilã me, wotso afia nɛ le Gbɔgbɔ me, eɖe eɖokui fia mawudɔlawo, woɖe gbe ƒãe le trɔ̃subɔlawo dome, woxɔ edzi se le xexeame, woxɔe yi dzi le ŋutikɔkɔe me.


Ke Aƒetɔ la tsi tre ɖe gbɔnye, eye wòdo ŋusẽm, bena mawu gbeƒãɖeɖe la nu, eye trɔ̃subɔlawo katã nasee, eye wòɖem le dzata ƒe nu me.


Aƒetɔ Yesu Kristo nanɔ anyi kple wò gbɔgbɔ la! Amenuveve nanɔ anyi kpli mi!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa