Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 1:20 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

20 Ke esi wòle nu siawo ŋuti bum la, kpɔ ɖa, Aƒetɔ ƒe dɔla ɖe eɖokui fiae le drɔ̃eƒe gblɔ nɛ bena: Yosef, Dawid vi, megavɔ̃ srɔ̃wò Maria kpɔkplɔ va gbɔwò o, elabena fu, si ke wòfɔ la, Gbɔgbɔ kɔkɔe la mee wòtso.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

20 Ke esi wònɔ nu siawo ŋu bum la, mawudɔla aɖe ɖe eɖokui fiae le drɔ̃eƒe, yɔe gblɔ nɛ be, “Yosef, David ƒe vi, mègavɔ̃ srɔ̃wò Maria kpɔkplɔ be wòava nɔ gbɔwò o, elabena fu si wòfɔ la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la mee wòtso.

Onani mutuwo Koperani




Mateo 1:20
38 Mawu Ofanana  

Eye mawudɔla gblɔ nam le drɔ̃e me bena: Yakob! Meɖo ŋu bena: Nye enye si!


Eye wògblɔ bena: Nye enye Mawu, fofowò ƒe Mawu la. Megavɔ̃ Egipte yiyi o, elabena mana nazu dukɔ gãa ɖe le afima.


Tele Eliya ɖo ŋu na bena: Megavɔ̃ o! Yi nawɔ, abe alesi negblɔ ene; ke tsɔ ɖe tɔ tatali via ɖe nam gbɔ, eye natsɔe vɛ nam, emegbe hafi nawɔ mia kple viwò lɔ.


Tete Yehowa ɖe eɖokui fia Salomo le drɔ̃eƒe le zã me le Gibeon, eye Mawu gblɔ nɛ bena: Bia nusi mana wò.


Wò dɔla menye, fia nunyam, ne madze si wò ɖaseɖiɖiwo!


Na mese wò amenuveve le ŋdi, elabena ŋuwò mele ŋu ɖom ɖo; ɖe mɔ, si mato la fiam, elabena wòe mewu nye luʋɔ dzi na.


Mele ŋugble geɖe dem le nye dzi me, ke wò akɔfaname doa dzidzɔ na nye luʋɔ.


Ame dzɔdzɔewo ƒe tamesusuwo le eteƒe; ke ame vɔ̃ɖiwo ƒe adaŋudedewo nye alakpa.


Etsɔ ŋutifafa dzra amesi ƒe susu li ke la ɖo, elabena eɖo dzi ɖe ŋuwò.


eye miaƒe to ase nya sia le mia megbe bena: Mɔ la enye si, mito edzi! nenye ɖusi me alo mia me miebe, yewoato.


Mi amesiwo nyaa dzɔdzɔenyenye, dukɔ, si ƒe dzi me nye se la le, miɖo tom! Migavɔ̃ amegbetɔwo ƒe fewuɖuɖu o, eye woƒe vlodoame megaɖe dzi le mia ƒo o!


Eye wògblɔ bena: Dawid ƒe aƒe la, misee: Nu tsɛ wònye na mi be, miana nu nati ko na amegbetɔ, hafi miehe, yewoana nu nati ko na nye Mawua ke hã?


Eye wova gblɔ na Dawid ƒe aƒe la bena: Aram ƒu asaɖa anyi ɖe Efrayim. Tete eya kple eƒe dukɔ ƒe dzi ʋuʋu nyanyanya, abe alesi avemetiwo ʋuʋuna le ya nu ene.


Ɣekaɣi nanɔ tsa glãla tsam ase ɖo, wò nyɔnu dzego? Elabena Yehowa le nu yeye wɔ ge le anyigba dzi: Nyɔnu aɖe to ɖe ŋutsu.


anye ne magbe Yakob kple nye dɔla Dawid ƒe ƒome, ale be nyemaɖe dziɖula tso eƒe ƒome aɖo Abraham, Isak kple Yakob ƒe ƒome la nu o. Elabena megale wo ɖo ge te, eye makpɔ nublanui na wo.


Eye Gedalya, Safan vi Axikam ƒe vi, ka atam na wo kple woƒe amehawo gblɔ bena: Kaldeatɔwo subɔsubɔ megadzi ŋɔ na mi o; mitsi anyigba la dzi, eye misubɔ Babel-fia, ekema eme anyo na mi.


Eye wògblɔ bena: Mise gbenye! Ne amea ɖe nye Yehowa ƒe nyagblɔɖila le mia dome la, ekema meɖea ɖokuinye fianɛ le ŋutega me, eye meƒoa nu kplii le drɔ̃e me.


Ke Yesu Kristo ƒe dzidzi le ale: Esime wodo dadaa Maria ŋugbe na Yosef, eye hafi wova kpe la, wokpɔ bena, efɔ fu tso Gbɔgbɔ kɔkɔe la me.


Eye esi Mawu gbe nya na wo le drɔ̃eƒe be, womagagbugbɔ ayi Herodes gbɔ o la, woto mɔ bubu gbugbɔ yi wo de.


Ke esi wodzo yi la, kpɔ ɖa, Aƒetɔ ƒe dɔla ɖe eɖokui fia Yosef le drɔ̃eƒe gblɔ bena: „Fɔ, natsɔ ɖevi la kple dadaa, eye nasi ayi Egipte, eye nanɔ afima, vaseɖe esime magblɔe na wò: elabena Herodes le ɖevi la dim be, yeawu.


Ke esi Herodes ku la, kpɔ ɖa, Aƒetɔ ƒe dɔla ɖe eɖokui fia Yosef le drɔ̃eƒe le Egipte


Ke esi wose bena, Arxelao ɖu fia le Yudea ɖe fofoa Herodes teƒe la, evɔ̃ afimayiyi; ke esi wònyè Mawue gblɔe nɛ le drɔ̃eƒe ta la, edzo heyi Galilea-nutowo me:


Ke esi wòbɔbɔ nɔ ʋɔnuɖrɔ̃zikpui la dzi la, srɔ̃a dɔ ɖo ɖe egbɔ gblɔ bena: Megawɔ naneke kple ame dzɔdzɔe ma o; elabena eto ƒe zã me la mekpe fu geɖe le drɔ̃eƒe le eta.


Eye mawudɔla la gblɔ na nyɔnuawo bena: Miawo la migavɔ̃ o; elabena menyae bena, Yesu, amesi woklã ɖe ati ŋu la, dim miele.


Eye dɔla la ɖo eŋu nɛ bena: Nyee nye Gabriel, si nɔa tsitre ɖe Mawu ŋku me, eye wòdɔm ɖa, be maƒo nu na wò, eye magblɔ nya nyui sia fia wò


Eye Yosef hã dzo le Galilea, tso Nazaret-du la me heyi Yudea ɖe Dawid du, si woyɔna be Betlexem la me, elabena etso Dawid ƒe me kple eƒome la me,


Ke Aƒetɔ ƒe dɔla va ʋu gaxɔa ƒe ʋɔtruawo le zã me, eye wòkplɔ wo do goe gblɔ bena:


Mina dzi nadzɔ mí, eye míatso aseye, eye mina miatsɔ ŋutikɔkɔe nɛ; elabena Alẽvi la ƒe srɔ̃ɖeŋkekenyuie la ɖo, eye srɔ̃a dzra eɖokui ɖo xoxo.


Tete Yehowa ƒe ɖɔla ɖe eɖokui fia nyɔnu la gblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, ètsi ko, eye mèdzi vi o: gake èle fu fɔ ge àdzi ŋutsuvi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa