Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Marko 9:50 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

50 Dze la nu nyui wònye; ke ne dze bu eƒe vivi la, nuka tsɔ ge míala ado vivii mahã? Mina dze naɖo mi, eye ŋutifafa nanɔ mia dome.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

50 Yesu wu eƒe nuƒo la nu be, “Dze nye nu vevi aɖe, gake nenye be dze bu eƒe vivi la, womagate ŋu atsɔe ade naneke o; meganyo na naneke o, migabu vivi si le mia me la o! Minɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me.”

Onani mutuwo Koperani




Marko 9:50
28 Mawu Ofanana  

Ɖe nu vɔvɔ nya ɖuna, ne womekpɔ dze oa? Alo ɖe vivi le azi ƒe ɣia mea?


Dawid ƒe mɔzɔha. Kpɔ ɖa, aleke mehenyo, eye wòvivinae, ne nɔviwo le afi ɖeka!


Kpɔ wò aɖe dzi ɖe vɔ̃ ŋu kple wò nuyiwo dzi, ne womagagblɔ alakpanya o!


He wo va Yehowa ŋku me, eye nunɔlawo nawu dze ɖe edzi ahatsɔe asa numevɔe na Yehowa.


Miawoe nye anyigba ƒe dze; ke ne dze bu eƒe vivi la, nuka tsɔ ge wòala ado vivi ne mahã? Tso esia dzi la meganyo na naneke o; ke boŋ woatsɔe aƒu gbe, bena amewo naɖo afɔ edzi.


Ke wozi kpi; elabena wole nya ʋlim le wo nɔewo dome le mɔ dzi bena: Amekae nye gãtɔ mahã?


Elabena amesiame la woatso dzo ade dzee, eye vɔsasa sia vɔsasa la woatso dze adee.


ne ate ŋu anye, nusi ke atso mia gome la, minɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me!


Mlɔeba la, nɔviwo, dzi nadzɔ mi, mizu blibo, mina woafa akɔ na mi, miaƒe tamesusu nanɔ ɖeka, mina anyi le ŋutifafa me, eye lolo kple ŋutifafa Mawu anɔ anyi kpli mi!


Ke Gbɔgbɔ ƒe kutsetse enye: Lɔlɔ̃, dzidzɔ, ŋutifafa, dzigbɔgbɔ blewu, dɔmekɔkɔ, dɔmenyonyo, anukwaretɔnyenye,


Migana nya vloa ɖeke nado go tso miaƒe nu me gbeɖegbeɖe o, ke boŋ nya, si nyo na ŋgɔgbedede, ne ehiã la, bene wòana amenuveve amesiwo senɛ la.


Ɖeko mizɔ, abe alesi wòdze na Kristo ƒe nyanyuie la ene, bena ne mava, eye makpɔ mi ɖa, alo ne nyemele mia gbɔ o, eye mase mia ŋkɔ la, bena miano tsitre le gbɔgbɔ ɖeka me, eye miatso luʋɔ ɖeka aʋli nyanyuie ƒe xɔse la ta hekpe ɖe mia nɔewo ŋuti;


Eyata esi míenye Mawu ƒe ame tiatiawo kple ame kɔkɔewo kpakple lɔlɔ̃viwo ŋuti la, mido dɔmetɔtrɔ kple nublanuikpɔkpɔ, dɔmekɔkɔ, ɖokuibɔbɔɖeanyi, dɔmefafa, dzigbɔgbɔ blewu,


Mina amenuveve kple dze nanɔ miaƒe nya me ɖaasi, bena mianya alesi wòdze be, miaɖo nya ŋuti na amesiame.


eye bena míabu wo geɖe ŋutɔ le lɔlɔ̃ me le woƒe dɔwɔwɔ la ta. Minɔ anyi le ŋutifafa me le mia nɔewo dome.


Si le ɖekakpuinyenye ƒe nudzodzrowo nu; ke dze dzɔdzɔenyenye, xɔse, lɔlɔ̃ kple ŋutifafa yome hekpe de amesiwo katã yɔ Aƒetɔ la le dzi dzadzɛ me la ŋu.


Midi ŋutifafa na amewo katã kple kɔkɔenyenye hã yome; elabena amea ɖeke mate ŋu akpɔ Aƒetɔ la, ne nusia mele eŋu o.


elabena ame ƒe dziku mewɔa Mawu ƒe nu dzɔdzɔe o.


Mlɔeba la mi katã misusu nu ɖeka, ame nu nawɔ nublanui na mi; milɔ̃ mia nɔewo abe nɔviwo ene; miaƒe dɔme natrɔ ɖe ame ŋu; mibɔbɔ mia ɖokui.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa