Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Marko 9:31 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

31 Elabena efia nu eƒe nusrɔ̃lawo, eye wògblɔ na wo bena: Woade Amegbetɔvi la asi na amewo, eye woawui, eye ne wowui la, agatsi tre le ŋkeke etɔ̃agbe.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

31 edi be yeakpɔ ɣeyiɣi geɖe afia nu yeƒe nusrɔ̃lawo. Zi geɖe ne ele nu fiam wo la, egblɔna na wo be, “Woade Amegbetɔ Vi la asi, woawui, gake le ŋkeke etɔ̃ megbe la, magatsi tsitre tso ame kukuwo dome.”

Onani mutuwo Koperani




Marko 9:31
19 Mawu Ofanana  

Tso ekema dzi la Yesu de asi eƒe nusrɔ̃lawo fiafia me, alesi, wòle nɛ godoo bena, wòayi Yerusalem, eye woakpe fu geɖe atso amegãwo kple nunɔlagãwo kpakple agbalẽfialawo si me, eye woawui, eye le ŋkeke etɔ̃agbe wòafɔe ɖe tsitre.


abe alesi Amegbetɔvi la meva bena, woasubɔ ye o, ke boŋ bena yeasubɔ, eye yeatsɔ eƒe agbe la ana ɖe ame geɖewo ƒe xoxo ta la ene.


Minyae bena, ŋkeke eve megbe la ŋutitoto la aɖo, eye woade Amegbetɔvi la asi, be woaklẽe ɖe ati ŋuti.


Aƒetɔ, mieɖo ŋui bena, esi ameblela ma le agbe la, egblɔ bena: Le ŋkeke etɔ̃ megbe la magatsi tre.


eye woaɖu fewu le eŋuti, eye woaɖe ta ɖe eŋu, eye woaƒoe kple atam, eye woawui, eye ŋkeke etɔ̃agbe la atsi tre.


Eye wòde asi wo fiafia me bena: Ele na Amegbetɔvi la bena, woakpe fu geɖe, eye amegãwo kple nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo woado vloe, eye woawui, eye wòatsi tre le ŋkeke etɔ̃agbe.


Ke egblɔ na wo bena: Eliya gbɔna gbãgbiagbã, eye wòaɖo nuwo katã ɖo; eye aleke woŋlɔ ɖi le Amegbetɔvi la ŋuti bena, akpe fu geɖe, eye woado vloe mahã?


Alo mele na Kristo be, wòakpe nusiawo ƒe fu, eye wòayi ɖe eƒe ŋutikɔkɔe la me o mahã?


Miawo la milé nya sia ɖo miaƒe towo me; elabena wole Amegbetɔvi la de ge asi na amewo.


Amea ɖeke mexɔe le asinye o, ke nye ŋutɔe tsɔe ɖo anyi le ɖokuinye si; ŋusẽ le asinye, be matsɔe ɖo anyi, eye ŋusẽ le asinye, be magatsɔe. Nenem se sia la mexɔa tso Fofonye gbɔ.


Yesu ɖo ŋu, eye wògblɔ na wo bena: Mimu mawuxɔ sia, eye le ŋkeke etɔ̃agbe la magagbugbɔe atu.


Eye abe alesi Mose kɔ da la ɖe dzi le gbeadzi ene la, nenema ke woakɔ Amegbetɔvi la ɖe dzi tsã,


ne miedo dzi la, míaɖu fia hã kpakplii; ne miegbe nu le egbɔ la, eyama hã lagbe nu le mia gbɔ;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa