Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Marko 9:25 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

25 Ke esi Yesu kpɔ bena, ameha la le ɖu ƒum gbɔna la, ewo ɖe gbɔgbɔ makɔmakɔ la ta gblɔ bena: Wò gbɔgbɔ maƒonu kple tokunɔ, mede se na wò, do go le eme, eye tso esia dzi la megayi ɖe eme o!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

25 Yesu kpɔ be ameha la nɔ agbɔ sɔm ɖe edzi, eya ta eɖe gbe na gbɔgbɔ vɔ̃ la be, “Gbɔgbɔ maƒonu, tokunɔ gbɔgbɔ, meɖe gbe na wò be, nàdo go le ɖevi sia me fifi laa, mèkpɔ mɔ agage ɖe eme azɔ o.”

Onani mutuwo Koperani




Marko 9:25
17 Mawu Ofanana  

Tete Yehowa gblɔ nu Satana bena: Yehowa blu ɖe tawò, Satana, Yehowa, amesi fia Yerusalem la, blu ɖe tawò! Ɖe menye eyae nye ati takpoe woɖe tso dzo me oa?


Tete wotsɔ amea ɖe, si me gbɔgbɔ vɔ̃ le, eye wònye ŋkuagbãtɔ kple aɖetututɔ la, va egbɔe. Eye wòda gbe le eŋu ale bena, aɖetututɔ la ƒo nu, eye wòkpɔ nu.


Eye Yesu wo ɖe eta, eye gbɔgbɔ vɔ̃ la do go tso eme, eye ɖevi la ƒe lãme sẽ le nenem gaƒoƒo ma dzi.


Eye enumake, esi ameha la katã kpɔe la, dzidzi ƒo wo ŋuta, eye wosi du yi egbɔ hedo gbe nɛ.


Enumake ɖevia fofo do ɣli gblɔ bena: Mexɔe se, xɔ na nye maxɔse la!


Eye wòdo go kple ɣlidodo hele enyamam ŋutɔ, eye wòzu abe ɖe woku ene; ale bena ame geɖewo gblɔ bena: Eku.


Eye wòle gbɔgbɔ vɔ̃ maƒo nu nyãm. Eye wòva ve me, esi gbɔgbɔ vɔ̃ la do go la, ame maƒonu la ƒo nu, eye amehawo ƒe mo wɔ yaa.


Eye Yesu wo ɖe eta gblɔ bena: Mia wò nu, eye naɖo go le eme! Eye esi Abosam la tsoe xlã ɖe titina la, eɖo go le eme, eye mewo nu ve-via ɖekee o.


Eye gbɔgbɔ vɔ̃wo hã do go le ame geɖewo me, eye wole ɣli dom le gbɔgblɔm bena: Wòe nye Mawu ƒe Vi la. Eye wòwona ɖe wo ta, eye mena mo wo be, woaƒo nu o, elabena wonyae bena, eyae nye Kristo la.


Elabena ede se na gbɔgbɔ bliba la be, wòado go tso ame la me Elabena enyamanɛ enuenu, eye esi wole eŋu dzɔm la, wobiae kple kɔsɔkɔsɔ, eye wode kunyowu eƒe afɔwo, eye wòŋe gãwo, eye gbɔgbɔ vɔ̃ la nyae ɖe gbe.


Eye esi wògbɔna la, gbɔgbɔ la hee ƒu anyi, eye wònyamae ŋutɔ. Ke Yesu wo ɖe gbɔgbɔ bliba la ta, eye wòda gbe le ɖevi la ŋu, eye wòtsɔe na fofoa.


Eye wò wo esia ŋkeke geɖe. Ke esi wòve dome na Paulo la, etrɔ gblɔ na gbɔgbɔ la bena: Mede se na wò le Yesu Kristo ƒe ŋkɔ la me bena, nado go le eme! Eye wòdo go le gaƒoƒo ma ke dzi.


Ke Mixael, mawudɔla gã la, esime wòle anuku tsyɔm hele nu ƒom kple Abosam le Mose ƒe kukua ŋuti la, medo dzi gblɔ busufɔbubu ɖe eŋuti o, ke boŋ egblɔ bena: Aƒetɔ la laka mo na wò!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa