Eye ne dukɔ sia, nyagblɔɖila alo nunɔlaa ɖe bia wò be, nuka nye Yehowa ƒe agba hã la, ekema ɖo ŋu na wo be: Yehowa be: Miawoe nye agba la, eye matsɔ mi aƒu anyi.
Migatsɔ nu kɔkɔe la na avũwo o, eye migatsɔ miaƒe dzonu nyuiwo hã ƒu gbe ɖe hawo ƒe ŋku me, ne woaganyã avuzi le wo dzi kple woƒe afɔwo, hafi agbugbɔ ava vuvu mi o.
Eye wòɖe hũ le eƒe gbɔgbɔ la me gblɔ bena: Nukaŋuti dzidzime sia le dzesi dim mahã? Vavã mele egblɔm na mi bena: Womele dzesia ɖeke na ge dzidzime sia o.
Ke esi wole nya ŋem ɖe enu, eye wole busunyawo gblɔm la, eʋuʋu eƒe awuwo me hegblɔ na wo bena: Miaƒe ʋu nava mia ŋutɔwo miaƒe ta dzi: nye la ŋutinye kɔ; tso esia dzi la mayi ɖe trɔ̃subɔlawo gbɔ.
Eye esi mieɖo Adramitio-ʋua ɖe, si le didim be, yeadze ɖe Asia ƒe ʋudzeƒewo la, míeho yi; eye Makedoniatɔ Aristarxo, si tso Tesalonika la, kpe ɖe mía ŋu.