Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Marko 7:37 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

37 Eye kuvia ɖo wo ŋutɔ, eye wole gbɔgblɔm bena: Ewɔ nuwo katã nyuie, ena tokunɔwo sea nu, eye aɖetututɔwo hã ƒoa nu.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

37 Elabena nuwɔna la wɔ nuku na wo. Ale amewo nɔ gbɔgblɔm ɖaa be, “Nu sia nu si wòwɔna la nye nukunu. Ewɔnɛ be tokunɔ sea nu, eye aɖetututɔ hã ƒoa nu eme kɔna!”

Onani mutuwo Koperani




Marko 7:37
16 Mawu Ofanana  

Eye Mawu kpo nusiwo katã wòwɔ la, eye kpɔ ɖa, wonye ŋutɔ. Ale zã do, eye ŋu ke, eya nye ŋkeke adelia.


Meda akpe na wò le alesi wowɔm nukutɔe la ta; wò dɔwɔwɔwo nye nukunu, eye nye luʋɔ dze si esia keŋ.


Le ɣemaɣi la tokunɔwo ase agbalẽ sia me nyawo, eye ŋkuagbãtɔwo ƒe, ŋkuwo akpɔ nu tso blukɔ kple viviti me.


Eye esi woawo do go la, kpɔ ɖa, wotsɔ aɖetututɔ, si me gbɔgbɔ vɔ̃ le la, va egbɔ.


Eye wòwɔ nuku na wo katã, nenem bena, wobia wo nɔewo bena: Nuka enye esia? Nufiafia yeye! Etsɔ ŋusẽ dea se na gbɔgbɔ makɔmakɔwo, eye woɖoa toe.


Tete wòtsi tre, eye enumake, esi wòtsɔ eƒe aba la, edo go le wo katã ƒe ŋku me nenem bena, kuvia ɖo wo katã, eye wokafu Mawu gblɔ bena: Miekpɔ ale nusiawo tɔgbe kpɔ o.


Eye wovɔ̃ geɖe ŋutɔ, eye wogblɔ na wo nɔewo bena: Ameka gɔ̃e nye esia bena, ya kple ƒu gɔ̃ hã ɖoa toe mahã?


Eye enumake nyɔnuvi la tsi tre, eye wozɔ azɔli; elabena exɔ ƒe wuieve, eye wolulu ŋutɔ.


Eye woge ɖe nu la me le wo gbɔ, eye ya la dzudzɔ, eye woƒe nu ku ŋutɔ;


Eye wòde se na wo bena, woagatoe na amea ɖeke o; ke geɖe alesi wòde se na wòe la, geɖe wu woyi ɖakakae.


Le ŋkeke ma wo me, esi ameha gãa ɖe gava, eye naneke mele wo si, be woaɖu o la, Yesu yɔ eƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ gblɔ na wo bena:


Ke miawo la edze mi: elabena nusi dze míaƒe nuwɔwɔwo la, eya kpɔm miele; ke amesia la mewo nu tovoa ɖeke kpɔ o.


Eye esi amehawo kpɔ nusi Paulo wɔ la, wokɔ woƒe gbe dzi le Likaonia-gbe me bena: Mawuwo tsɔ amewo ƒe nɔnɔme ɖi va mia gbɔ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa