Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Marko 7:34 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

34 eye esi wòle dziƒo kpɔm la, eɖe hũ, eye wògblɔ ne bena. „Hefata“, si gɔme enye: Ʋua!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

34 Ewu mo dzi kpɔ dziƒo, eye wògbɔ fũu heɖe gbe be, “Hefata!” (si gɔmee nye “Ʋu!”).

Onani mutuwo Koperani




Marko 7:34
21 Mawu Ofanana  

Esi eteƒe va didi la, Egipte-fia ku Eye Israel-viwo fa konyi le woƒe dɔ sesẽ la ŋu, eye wodo ɣli. Eye woƒe ɣli, si wodo, be woavo tso woƒe dɔ sesẽa me la, de Mawu gbɔ.


Amegbetɔwo do vloe, eye wogbee, ŋutsu kpehiã kple amesi dzi dɔléle le la wònye, wodo vloe abe amesi ta wotsyɔ nu ŋku me ɖo la ene, eye míebui ɖe naneke me o.


Eye esi eƒe dɔme trɔ ɖe eŋuti la edo eƒe abɔ ɖa, eye wòde asi eŋu hegblɔ nɛ bena: Melɔ̃, ŋutiwò nakɔ!


Eye le gaƒoƒo asiekelia dzi Yesu do ɣli kple gbe sesĩe bena: Eli, eli, lama sabaxtani? Esi, ne woɖe egɔme la, enye: Nye Mawu, nye Mawu, nukaŋuti nègblẽm ɖi mahã?


Eye wòlé ɖevi la ƒe alɔnu hegblɔ nɛ bena: Talita kumi, si gɔme enye bena: Nyɔnuvi, mele egblɔm na wò bena: Tsi tre!


Eye esi wòtso abolo atɔ̃ la kple lã eveawo la, ekpa dziƒo, eye wòyra ɖe wo dzi, eye wòŋe aboloawo me, eye wòtso wo na nusrɔ̃lawo, bena woatsa wo aɖo wo ko me, eye wòmã lã eveawo hã me ɖe wo katã dome.


Tete eƒe to la ʋu, eye enumake eƒe aɖeka hã ɖɔ ɖo, eye wòƒo nu nyuie.


Eye wòɖe hũ le eƒe gbɔgbɔ la me gblɔ bena: Nukaŋuti dzidzime sia le dzesi dim mahã? Vavã mele egblɔm na mi bena: Womele dzesia ɖeke na ge dzidzime sia o.


Eye Yesu gblo nɛ bena: Kpɔ nu, wò xɔse la ɖe wò.


Eye esi wòte va, eye wòkpɔ dua la, efa avi ɖe eŋuti


Eye esi wote va la, ede asi aɖaka la ŋuti; eye etsɔlawo tɔ ɖe tsitre. Eye wògblɔ bena: Ɖekakpui, mele egblɔm na wò bena: Tsi tre!


Eye esi Yesu kpɔe wòle avi fam, eye Yudatɔ, siwo va kplii hã le avi fam la, edo dɔmedzoe le gbɔgbɔ la me, eye eƒe dzi ʋuʋu,


Tete Yesu gale dɔmedzoe dom le eɖokui me heva yɔdo la gbɔ. Ke enye ɖo, eye kpe le enu.


Tete wokɔ kpe la da. Ke Yesu wu eƒe mo dzi, eye wòbena: Fofo, meda akpe na wò bena, èdoa tom.


Eye esi wògblɔ esia la, edo ɣli kple gbe, sesẽ bena: Lazaro lee, do go!


Nusiawo Yesu gblɔ, eye woti wu eƒe mo dzi kpɔ dziƒo, eye wògblɔ bena: Fofo, gaƒoƒo la de, kɔ Viwò la ŋuti, bena Viwò hã naka ŋutiwò.


Eye Petro gblɔ nɛ bena: Ainea, Yesu Kristo yɔ dɔ wò: tsi tre, eye wò ŋutɔ naɖo wò aba! Eye enumake wòtsi tre.


Eye esi Petro nyã wo katã do go la, edze klo, eye wòdo gbe ɖa; eye wòtrɔ ɖe ame kukua gbɔ gblɔ bena: Tabita, tsi tre! Eye eya la ʋu eƒe ŋkuwo, eye esi wòkpɔ Petro la, efɔ bɔbɔ nɔ anyi.


Elabena menye nunɔlagã, si mate ŋu anya míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo na mi o lae le mía si o, ke boŋ enye amesi wote kpɔ le nuwo katã me, abe míawo ke ene, negbe nuvɔ̃ koe mele eŋu o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa