Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Marko 7:28 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

28 Ke eya xɔ edzi gblɔ ne bena: Yoo, Aƒetɔ! Gake avũvi, siwo le kplɔ̃ te la, ɖua ɖeviwo ƒe abolo wuwluiwo tso.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

28 Nyɔnu la ɖo eŋu nɛ be, “Aƒetɔ, esia nye nyateƒe, gake wotsɔa ɖeviwo ƒe nuɖuɖu wuwlui si susɔ la naa avuvi siwo le kplɔ̃ te.”

Onani mutuwo Koperani




Marko 7:28
15 Mawu Ofanana  

èʋu wò asi me, eye nètsɔ nu gbagbewo katã ƒe nudidi ɖi ƒo na woe.


Mi anyigba ƒe mlɔenuwo katã, mitrɔ ɖe ŋunye, eye mina woaxɔ na mi; elabena nyee nye Mawu, ɖeke megali o.


Egblɔ bena: Nu tsɛ wònye be, nènye nye dɔla, ne nafɔ Yakob ƒe toawo ɖe tsitrenu, eye nakplɔ Israel ƒe amesiwo woɖe la agbɔe; metsɔ wò ɖo kekeli na dukɔwo hã, ne nanye nye xɔname vaseɖe anyigba ƒe mlɔenu ke.


Ke eya gblɔ bena: Yoo, Aƒetɔ! Gake avũviwo hã ɖua abolo wuwlui, siwo duduna tsoa woƒe aƒetɔ ƒe kplɔ dzi.


bena ne miazu mia Fofo, si le dziƒo la, ƒe viwo; elabena eyae nana eƒe ɣe dzena na ame vɔ̃ɖiwo kple ame nyuiwo, eye wònana tsi dzana na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo.


Eye wògblɔ nɛ bena; Na ɖeviwo naɖi ƒo gbɔ; elabena menyo bena, woatsɔ ɖeviwo ƒe abolo aƒu gbe na avũviwo o.


Eye wògblɔ nɛ bena: Le nya sia ŋuti la heyi; gbɔgbɔ vɔ̃ la do go tso viwònyɔnuvi la me.


Elabena vovototoa ɖeke mele Yudatɔ kple Helatɔ dome o, elabena Aƒetɔ ma kee nye wo katã tɔ, eyae nye kesinɔtɔ na amesiwo katã yɔnɛ la.


Alo ɖe Mawu nye Yudatɔwo ɖeɖeko tɔ, eye menye trɔ̃subɔlawo to hã oa? Ẽ, trɔ̃subɔlawo to hã wònye:


nye amesi nye ame kɔkɔewo katã dome suetɔ la, wotsɔ amenuveve sia na, bene magblɔ Kristo ƒe kesinɔnu, si mele nyanya tsitsotsito o da afia le trɔ̃subɔlawo dome,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa