Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Marko 7:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Eye wògayɔ ameha la va egbɔ, gblɔ na wo bena: Mi katã miɖo tom, ne miase nu gome.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

14 Azɔ Yesu yɔ ameha la be woava ɖo to ye. Egblɔ na wo be, “Mi katã miɖo to nyuie, ne miase nya siawo gɔme.

Onani mutuwo Koperani




Marko 7:14
14 Mawu Ofanana  

Tete Eliya te ɖe dukɔ la ŋku me gblɔ bena: Vaseɖe ɣekaɣi miaɖu adza evee ase ɖo? Nenye Yehowae nye Mawu la, midze eyome, eye nenye Baal ye la, midze eyome! Ke dukɔ la meɖo nyaa ɖeke ŋu nɛ o.


Mixa gblɔ bena: Ne ètrɔ gbɔ le ŋutifafa me la, ekema menye Yehowae ƒo nu to dzinye o! Eye wògblɔ be: Mi dukɔwo katã, miele esema?


Mi gegeme, siwo le dukɔ la dome, midze sii, eye mi bometsilawo, ɣekaɣi miadze nunya?


Mi bebewuwo, mixɔ ayedzedze na mia ɖokui, eye mi bometsilawo, míxɔ gɔmesese na mía ɖokui!


Eye wògblɔ bena: Yi naɖagblɔ na dukɔ sia bena: Minɔ nusese dzi ko, ke mígase nu gɔme o; minɔ nukpɔkpɔ dzi, ke migadze si nu o.


gbe, si nyagblɔɖila Yeremya to na Yuda-dukɔ blibo la kple Yerusalemtɔwo katã;


Eye wòyɔ ameha la va egbɔ gblɔ na wo bena: Miɖo to, eye miase nu gɔme.


eye miena Mawu ƒe nya la tsi mabumabu le miaƒe ka, si mieɖo anyi la ŋuti; eye nusiawo tugbe geɖe miewɔna.


Naneke meli, si atso gota ayi ɖe ame me, si ate ŋu aƒo ɖii o; ke boŋ nusiwo le go dom tso ame me la, woawoe nye nusiwo ƒoa ɖi ame.


Esi ameha, si ƒe xexlẽme ade akpeakpewo, va ƒo ƒu ale bena, wole afɔ ɖom wo nɔewo dzi la, ede asi gbɔgblɔ me na eƒe nusrɔ̃lawo gbã bena: Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie le farisitɔwo ƒe amɔwɔ ʋaʋã, si nye alakpadada la, ŋuti.


Eye esi Filipo ƒu du yi egbɔ la, ese bena, ele nyagblɔɖila Yesaya ƒe agbalẽ xlẽm, eye wògblɔ nɛ bena: Ele nya, si xlẽm nèle la gɔme sema?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa