Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Marko 6:48 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

48 Eye wòkpɔ wo wole fu kpem le ʋuakuku me; elabena ya ƒo le wo kpem Eye ano zã ƒe ŋudzɔɣi enelia me la ele ƒu dzi zɔm gbɔna wo gbɔ, eye wòdi be, yeato wo ŋuti ayi;

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

48 Yesu ɖeka nɔ godzi kpɔ wo ɖa. Ekpɔ be ya sesẽ si nɔ ƒoƒom la nɔ fu ɖem na wo ale gbegbe be ʋua kuku sesẽ na wo ŋutɔ. Anɔ abe fɔŋli ga etɔ̃ me ene la, Yesu zɔ ƒu la dzi ɖo ta wo gbɔ. Ewɔ abe ɖe wòbe yeazɔ to wo ŋu ene,

Onani mutuwo Koperani




Marko 6:48
16 Mawu Ofanana  

Eye wògblɔ bena: Oo, nye aƒetɔwo, mitrɔ va dze miaƒe dɔla gbɔ, ne míatsi adɔ, eye miaklɔ miaƒe afɔwo ŋu; etsɔ ŋdi kanya hafi miagadze miaƒe mɔ dzi. Ke woɖo ŋu ne bena: O, míatsi dugbɔdzi le ablɔ me adɔ boŋ.


Ke esi wòkpɔ be, yemate ŋui o la, etɔ asi eƒe aligo, eye Yakob ƒe aligokpeƒe ɖɔ li, le esime wole ka mea tem la.


Eya ɖeka keke dziŋgɔli me, eye wòzɔ ƒu dzeagbo dzi.


Etsɔa tsiwo sãa eƒe dziƒoxɔ dzi, etsɔa alilikpowo wɔa eƒe tasiaɖam, eye wòzɔa ya ƒe aʋalawo dzi.


Yehowa kako le dziƒo wu, tɔ gãwo ƒe howɔwɔ kple atsiaƒu ƒe agbodzedze sesẽ.


Le fɔŋli la Yehowa le dzobibi kple alilikpo dodo me kpɔ Egiptetɔwo ƒe aʋakɔ dzi ɖa, eye wòtɔtɔ Egiptetɔwo ƒe aʋakɔ la.


Wò hiãtɔ, si ahom lɔ ɖe nu, eye womefa akɔ na wò o, kpɔ ɖa, matsɔ kpe ŋɔŋɔewo aɖo gɔwòme anyi, eye matsɔ adzagba aɖo wò agunu anyi.


Ke ʋu la do ƒu titina xoxo, eye ƒutsotsoewo le enyamam, elabena ya ƒo le ʋu la kpem.


Ke minya esia bena, ɖe wònye aƒeatɔ anya zã ƒe ŋudzɔɣi, si me fiafitɔ ava la, anye ne anɔ ŋudzɔ, eye mana mɔe bena, wòadze kpɔ age ɖe eƒe aƒe me o.


Azɔ la minɔ ŋudzɔ. Elabena mienya ɣekaɣi dzi Aƒetɔ la le vava ge o, eɖanye fiẽ alo zã titina alo koklo kuatɔ alo ŋdi o,


Eye esi fiẽsi ɖo la, ʋu la ɖo ƒu titina, eye eya ɖeka susɔ ɖe gota.


ke esi wokpɔe wòle ƒua dzi zɔm la, wobu xa bena, ŋɔlie, eye wodo ɣli;


Eye ne ava le ŋudzɔɣi evelia kple etɔ̃lia me, eye wòakpɔ wo nenema la, woayra woamawo.


Eye esi wogogo kɔƒe, si me yina wole la, ewɔ abe ɖe wòle eme tsom ene.


amesiwo womedzi tso ʋu alo tso ŋutilã ƒe lɔlɔ̃nu alo tso ŋutsu ƒe lɔlɔ̃nu me o ke boŋ Mawu me wodzi wo tso.


Esi ŋu ke la, Saul mã dukɔ la ɖe aʋalɔgo etɔ me, eye wova dze asaɖa la dzi le ŋdi ŋudzɔɣi hewu Amonitɔwo vaseɖe ŋdɔ. Ke amesiwo kpɔtɔ la, ka hlẽ, ale be wo dome ame eve metsi afi ɖeka o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa