39 Eye wòɖo na wo bena, wo katã nanɔ anyi hamehame ɖe gbe mumu la dzi.
39 Yesu gblɔ na wo be woana ameawo nanɔ anyi ɖe ƒuƒoƒowo me le gbe dama la dzi.
nuɖuɖu, si le eƒe kplɔ dzi, eƒe dɔlawo ƒe nɔƒewo, eŋu mewo ƒe subɔsubɔ kple woƒe awuwo kple eƒe ahakulawo kpakple numevɔ, si wosana le Yehowa ƒe me la, gbɔgblɔ bu ɖee.
Eye wòɖo bena, ameha la nabɔbɔ nɔ anyigba;
Eye wògblɔ na wo bena: Abolo nenie le mia si mahã? Miyi ɖakpɔe ɖa. Eye esi wonyae la, wogblɔ bena: Wo ame atɔ kple tɔmelã eve.
Eye wonɔ anyi hamehame, ɖewo alafa, ɖewo blaatɔ̃.
Ke wo nu anɔ ŋutsu akpe atɔ̃. Eye wògblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo bena: Mina woabɔbɔ nɔ anyi le hahawo me, ɖesiaɖe blaatɔ̃.
Yesu gblɔ bena: Mina ameawo nabɔbɔ nɔ anyi. Ke gbe mumu geɖe le afima. Eye ŋutsu, siwo ƒe xexlẽme nu anɔ akpe atɔ̃ la, bɔbɔ nɔ anyi.
Elabena Mawu menye nyamanyamawɔwɔ ƒe Mawu o, ke ŋutifafa ƒe Mawu boŋ.
Mina woawɔ nuwo katã, alesi dze ɖe eteƒeteƒe.