Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Marko 6:21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Eye le ŋkeke, si dze eƒe dzi ŋu dzi la Herodes tu aglo le eƒe dzigbeŋkeke dzi na eƒe amegãwo kple aʋafia gãwo kpakple Galilea-me ŋkutawo;

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

21 Mlɔeba la, Herod va kpɔ mɔnu aɖe si dzi wòato awu Yohanes. Herod ƒe dzigbezã ɖo, eye wòɖo kplɔ̃ na eƒe kpeɖeŋutɔwo, ame siwo nye asrafowo ƒe amegãwo kple ame ŋkuta, siwo tso Galilea la le fiasã la me.

Onani mutuwo Koperani




Marko 6:21
15 Mawu Ofanana  

Ke Esau lé Yakob ɖe fu me le yayra, si fofoa tsɔ nɛ la ta, eye Esau ɖo ta me gblɔ bena: Ne fofonye aku, eye woanɔ fu nyim nɛ la, ekema mawu nɔvinye Yakob!


Le ŋkeke etɔ̃agbe la Farao ɖu eƒe dzigbe, eye wòɖo kplɔ̃ na eƒe dɔlawo katã, eye wòɖe ahakulawo ƒe amegã kple aboloƒolawo ƒe amegã le gaxɔa me le eƒe dɔlawo katã ƒe ŋku me.


Eye fia la tu aglo gãa ɖe na eƒe amegãwo katã kple eƒe dɔlawo, si nye Ester ƒe aglo; ena anyigbawo dzinɔlawo dzudzɔ dɔwɔwɔ, eye wòna nu, abe alesi dze fia ene.


Le dzinu gbãtɔ, si nye dzinu Nisan me, le fia Axasweros ƒe ƒe wuievelia me la, woda pur, si nye nudzidzernu le Haman ŋku me le ŋkeke sia ŋkeke dzi kple dzinu sia dzinu me vaseɖe dzinu wuievelia, si nye dzinu Adar me.


Le míaƒe fia ƒe ŋkekenyuie dzi la amegãwo tsɔã wein ƒe dzoʋuʋu dea dɔ lã me na wo ɖokui; ebɔa ha kple fewuɖulawo.


Eye le kaisaro Tiberio ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuiatɔ̃lia me, esi Pontio Pilato le mɔ̃mefia ɖum le Yudea, eye Herodes enye dziɖula le Galilea, eye nɔvia Filipo enye dziɖula le Iturea kple Traxoniti-nyigbawo dzi, eye Lisania enye dziɖula le Abilene,


Eye esi ŋu ke la, Agripa kple Bernike wova kple atsyɔ̃ɖoɖo geɖe, eye woyi ɖe ʋɔnudrɔ̃ƒe la kple aʋafia gãwo kple ame ŋkuta, siwo le dua me; eye le Festo ƒe sedede nu la wokplɔ Paulo vɛ.


Elabena agbe ƒe ɣeyiɣi, si va yi la, sɔ gbɔ be, miewɔ trɔ̃subɔlawo ƒe lɔlɔ̃nu, eye miezɔ le hadzedzewo, nudzodzrowo, ahatsunonowo, nutsuɖuɖuwo, aglotutuwo kple trɔ̃subɔsubɔ ŋunyɔtɔ la me;


Eye anyigbadzinɔlawo lakpɔ dzidzɔ le wo ŋuti, eye woagli kple dzidzɔ, eye woaɖo nunanawo ɖe wo nɔewo; elabena nenem nyagblɔɖila eve siawo wɔ fu amesiwo nɔ anyigba la dzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa