Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Marko 6:20 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

20 elabena Herodes vɔ̃ Yohanes, amesi wònya bena, enye ame dzɔdzɔe kple ame kɔkɔe wònye la, eye wòkpɔ eta. Eye ne eɖo toe la, eɖoa xaxa me le nu geɖewo ŋuti, eye eƒe gbesese vivina nɛ.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

20 elabena Herod tsɔ bubu geɖe na Yohanes le eƒe ame ɖɔʋu kple ame kɔkɔenyenye ta, eya ta etsɔe de eya ŋutɔ ƒe dzikpɔkpɔ te. Nenye be Herod kple Yohanes wole dze ɖom la, nya siwo Yohanes gblɔna la ɖea fu na Herod ƒe susu ŋutɔ, gake zi geɖe la, edina kokoko be yeaɖo dze kplii.

Onani mutuwo Koperani




Marko 6:20
21 Mawu Ofanana  

Tete Axab gblɔ na Eliya bena: Nye keto, èkpɔma? Eɖo ŋu bena: Mekpɔ wò; elabena ètsɔ ɖokuiwò ƒle na nu vɔ̃ɖi wɔwɔ le Yehowa ŋku me.


Ɣemaɣi do, si me Elisa alo aku la, dze edzi. Tete Israel-fia Yoas yi egbɔ, eye wòfa avi le egbɔ gblɔ bena: Fofonye, fofonye! Israel ƒe tasiaɖam kple eƒe sɔdolawo!


Esi Israel-fia kpɔ wo la, egblɔ na Elisa bena: Fofonye, madza woa? Madza woa, fofonye?


Eye Yoas wɔ nusi dze Yehowa ŋu le nunɔla Yoyada ƒe agbenɔɣi katã.


Edi Mawu le Zaxarya, amesi fia Mawu vɔvɔ̃e la ƒe agbenɔɣi katã, eye Mawu na wòdze edzi nɛ le ŋkeke, siwo katã me wòdi Yehowa.


Eye Yehowa na Egipte-tɔwo ve dukɔ la nu, eye Farao ŋu mewo kple eƒe dukɔ la bu Mese ŋuta le Egipte-nyigba dzi.


Kpɔ ɖa, èle na wo abe ha vivi kple amesi gbe vivi li na, eye wònya kasaŋku ƒoƒo la ene, wòase wò nyawo, ke womawɔ wo dzi o.


eƒe aŋgbawo nyo, eƒe tsetsewo sɔ gbɔ, eye wònye nuɖudu na nuwo katã, gbemelãwo nɔ ete, eye dziƒoxewo wɔ atɔ ɖe eƒe alɔwo me la,


exɔ edzi gblɔ bena: Ɖe menye esia nye Babel ga, si metsɔ nye ŋusẽ triakɔ la tsoe, ne wòanye fia nɔƒe kple nye atsyɔ̃ ƒe bubu oa?


Daniel ɖo ŋu gblɔ na fia la bena: Wò nunanawo nenɔ anyi na wò, eye natsɔ wo na ame bubu! Ke maxlẽ nuŋɔŋlɔ la na fia la, eye maɖe egɔme nɛ.


Eye wòle didim be, yeawui; gake evɔ̃ ameha la, elabena wòbua eyama abe nyagblɔɖila ene.


Ne miegblɔ bena, dziƒo wòtso la, agblɔ na mí bena: Ekema nukaŋuti miexɔ edzi se o? Ke ne miegblɔ bena, amewo gbɔ wòtso la, ekema mievɔ̃ ameha la; elabena wo katã wobu Yohanes abe nyagblɔɖila ene.


Eye nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo see, eye wodi, alesi woawɔ awui, elabena wovɔ̃e; elabena kuvia ɖo ameha blibo la katã le eƒe nufiafia la ŋuti.


Ke esiwo wowu ɖe kpenyigba dzi la, wonye amesiwo, ne wose nyaa la, woxɔnɛ enumake kple dzidzɔ;


Eyama enye akaɖi, si le bibim, eye wòle keklẽm; ke miawo la miedi be, yewoakpɔ dzidzɔ gaƒoƒo ɖeka le eƒe keklẽ la me.


Eye kuvia ɖo wo katã, eye wotsi dzodzodzoe hele gbɔgblɔm na wo nɔewo bena: Esia gɔme ɖe?


Eye esi mawuxɔdzikpɔla kple nunɔlagãwo se nya siawo la, wotsi dzodzodzoe le wo ŋuti bena: Nuka goe nye esia?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa