Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Marko 6:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Eye fia Herodes see; elabena eƒe ŋkɔ ɖi hoo, eye wòbena: Yohanes mawutsidetanamelae tsi tre tso ame kukuwo dome; eyaŋuti ŋusẽwo le dɔ wɔm le eme.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

14 Fia Herod se Yesu ŋkɔ, elabena ame sia ame nɔ nu ƒom tso nukunu siwo katã wɔm wònɔ la ŋu. Fia la bu be Yohanes Mawutsidetanamelae gagbɔ agbe, elabena amewo le gbɔgblɔm be, “Yohanes Mawutsidetanamelae fɔ, eya ta wòte ŋu le nukunu siawo wɔm ɖo.”

Onani mutuwo Koperani




Marko 6:14
16 Mawu Ofanana  

Eye wòwɔ mɔ̃a ɖe, si aɖaŋutɔa ɖe to vɛ la, le Yerusalem, si wotsɔ, da ɖe xɔ tsralawo kple xɔwo ta me, ne woatsɔ ada aŋutrɔwo kple kpe gãwoe. Eƒe ŋkɔ de du, elabena woxɔ nɛ nukutɔe, vaseɖe esime ŋusẽ ɖo eŋu.


Amonitɔwo dzo nu na Uziya, eye eƒe ŋkɔ de Egipte ke, elabena ekpa ŋusẽ tso me.


Ke woawo la, esi wodo go ko la, wona eƒe ŋkɔ ɖi hoo le afima-nyigba blibo la katã dzi.


Eye enumake lã eƒe ŋkɔ ɖi hoo le Galilea-nutowo katã me godoo.


Ke eya do go de asi gbeƒãɖeɖe me lelele kple nya la kaka me ale gbegbe bena, Yesu magate ŋu adze gaglã ayi du me o, ke gbedzi ko wònɔna, eye wotso afisiafi va egbɔ.


Ke wogblɔ nɛ bena: Yohanes mawutsidetanamelae, eye bubuwo bena: Eliya ye; ke bubuwo bena: Nyagblɔɖilawo dometɔ ɖekae.


Le gaƒoƒo ma me ke farisitɔa ɖewo va gblɔ nɛ bena: Do go, eye nadzo le afisia; elabena Herodes le didim be, yeawu wò.


Eye le kaisaro Tiberio ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuiatɔ̃lia me, esi Pontio Pilato le mɔ̃mefia ɖum le Yudea, eye Herodes enye dziɖula le Galilea, eye nɔvia Filipo enye dziɖula le Iturea kple Traxoniti-nyigbawo dzi, eye Lisania enye dziɖula le Abilene,


Eye nya sia ɖi hoo le eŋuti le Yudea blibo la kple nutoawo katã me godoo.


Eye woɖo ŋu gblɔ bena: Yohanes mawutsidetanamelae, ke bubuwo bena: Eliya, eye ame bubuwo bena: Blema nyagblɔɖilaa ɖe gatsi tre.


Elabena Aƒetɔ ƒe nya la ɖi hoo tso mia gbɔ, menye le Makedonia kple Axaya ɖeɖeko o, ke boŋ miaƒe Mawu dzixɔse la ɖo afisiafi, ale bena naneke gbɔgblɔ megahiã mí o;


eye Mawu ŋuta hã tsɔ dzesiwo kple nukunuwo kple ŋusẽnu bubu ƒomevi geɖewo kple Gbɔgbɔ kɔkɔe nana le ye ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃nu la, ɖi ɖase hekpe ɖe wo ŋuti.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa