Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Marko 5:29 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

29 Eye enumake eƒe ʋu la nu tso, eye wose le eƒe lãme bena, yeƒe dɔ la vɔ.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

29 Vavã esi wòka asi Yesu ƒe awu ŋu teti ko la, ʋu si nɔ dodom le eŋu la tɔ enumake, eye wòse le eɖokui me hã be yehaya.

Onani mutuwo Koperani




Marko 5:29
14 Mawu Ofanana  

Ne dɔwuame va anyigba dzi, eɖanye dɔvɔ̃ alo bliwo dze heteku o, nukuwo hlɔ̃ alo ʋetsuviwo kple ŋɔwo va o, woƒe futɔwo xaxa wo ɖo ɖe woƒe duwo me le anyigba dzi, fuɖenamea ɖe alo dɔlélea ɖe o;


Amesi tsɔa wò vodadawo katã kea wò, eye wòdaa gbe le wò dɔlélewo katã ŋu,


Edo eƒe nya da wòyɔ dɔ wo, eye wòhe wo tso woƒe ʋe la me.


eya, amesi ɖaa gbe le amesiwo ƒe dzi gbã la ŋu, eye woblaa woƒe abiwo.


Mado wò ɖe dzi, Yehowa, elabena wòe hem ɖo goe, eye mèna be, nye futɔwo kpɔ dzidzɔ ɖe ŋunye o.


gblɔ bena: Ne eɖo to Yehowa, wò Mawu la ƒe gbe pɛpɛpɛ, eye nèwɔ nusi nyoa eŋu, lé to ɖe eƒe seawo ŋu, eye nèwɔ eƒe ɖoɖowo katã dzi la, ekema nyemate fukpekpe, siwo katã mena wova Egiptetɔwo dzi la, ava dziwò o; elabena nye Yehowa enye wò dɔyɔla.


Ke ne wogbugbɔ xɔ la tre, eye nunɔla la va, eye wòkpɔ bena, nu la mekeke ɖe nu le xɔa me o la, ekema nunɔla la nabu xɔ la be, eŋu kɔ, elabena nu la vɔ.


Ne amea ɖe dɔ nyɔnua ɖe, si kpɔ dzinu gbɔ, eye wòɖe eƒe ama, si me ʋu le dodom le, ɖe go la, ekema woatsrɔ̃ woa kple eve la ɖa le woƒe dukɔ la dome.


Eye kpɔ ɖa, nyɔnua ɖe, si ŋu ʋu le dodom le ƒe wuieve sɔŋ la, to emegbe va te ɖe eŋu, eye wòde asi eƒe awuto ŋu;


elabena eda gbe le ame geɖewo ŋuti ale bena, ame geɖe alesinu le veve sem la, te ɖe edzi, bena yewoade asi eŋu.


elabena egblɔ bena: Ne mede asi eƒe awu ŋu ko la, nye lãme asẽ.


Ke egblɔ nɛ bena: Vinyenyɔnuvi, wò xɔse la de wò; heyi le ŋutifafa me, wò lãme nasẽ tso wò dɔléle la me!


Eye le gaƒoƒo ma dzi la eda gbe le dɔléla geɖewo kple fukpelawo kple amesiwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la ŋu, eye wòna ŋkuagbãtɔ geɖewo kpɔ nu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa