Eye esi amehawo le ƒu ƒom ɖe egbɔ la, ede asi gbɔgblɔ me bena: Dzidzime sia enye dzidzime vɔ̃ɖi; ele dzesi ɖim, eye womele dzesia ɖeke na gee o, negbe Yona ƒe dzesi la ko.
Esi ameha, si ƒe xexlẽme ade akpeakpewo, va ƒo ƒu ale bena, wole afɔ ɖom wo nɔewo dzi la, ede asi gbɔgblɔ me na eƒe nusrɔ̃lawo gbã bena: Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie le farisitɔwo ƒe amɔwɔ ʋaʋã, si nye alakpadada la, ŋuti.
Eye Yesu yi kpli wo. Ke esi eya, kple aƒe la dome megadidi o la, aʋafia la dɔ eƒe xɔlɔ̃wo ɖe egbɔ gblɔ bena: Aƒetɔ, megaɖe fu na ɖokuiwò o; elabena medzem bena, nava nye xɔ te o;
Eye Yesu gblɔ bena: Amekae nye amesi de asi ŋutinye mahã? Eye esi wo katã wosẽ nu la, Petro kple amesiwo kpe ɖe eŋu la, gblɔ bena: Amegã, amehawo mimi wò ɖo, eye wote ɖe dziwò, eye nèle gbɔgblɔm bena: Amekae de asi nunyea?