Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Marko 5:23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 eye wòɖe kuku nɛ vevie ŋuta gblɔ bena: Vinyenyɔnuvi ɖo kudo nu, va ne natsɔ wò asi ada de edzi, bena eƒe lãme nasẽ, eye wòatsi agbe.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

23 eye wòɖe kuku nɛ vevie be wòava da gbe le ye vinyɔnuvi sue si dze dɔ la ŋu na ye. Egblɔ na Yesu be, “Vinye la ɖo kudo nu vɔ, eya ta meɖe kuku va da asi ɖe edzi be wòagbɔ agbe.”

Onani mutuwo Koperani




Marko 5:23
26 Mawu Ofanana  

Tete Naeman bi dzi hedzo gblɔ bena: Kpɔ ɖa, nyea mebu be, ɖe wòle dodo ge ava gbɔnye, eye wòate ɖe ŋunye ayɔ Yehowa, eƒe Mawu ƒe ŋkɔ, eye woatso eƒe asi alili de teƒeawo, eye wòayɔ dɔ anyia hĩ!


Tete wodo ɣli na Yehowa le woƒe hiã me, eye wòɖe wo tso woƒe xaxa me.


Yɔm le xaxagbe la, ekema maɖe wò, eye nade bubu ŋunye!


Tete Yesu do abɔ da, eye wòde asi eŋu gblɔ bena: Meli, ŋutiwò nekɔ! Eye enumake eƒe anyi la kɔ ɖa.


Woalé dawo, eye ne wono nu wuame hã la, mele wo si ge o; woatsɔ woƒe asiwo aɖo dɔlélawo dzi, eye woƒe lãme lasẽ.


Eye wòyi kplii, eye ameha gãa de dze eyome ale be, womimii do.


Eye wonyã gbɔgbɔ vɔ̃ gedewo do go, ye wòsi ami na dɔléla geɖewo heda gbe le wo ŋu.


Eye wotsɔ amea ɖe, si nye tokunɔ kple aɖetututɔ la, va egbɔ, eye woɖe kuku nɛ bena, wòatsɔ eƒe asi ada ɖe edzi.


Eye esi wòlé ŋkuagbãtɔ la ƒe alɔnu la, ekplɔe do go tso du la me, eye esi wòɖe ta ɖe ŋku dzi nɛ, eye wòtsɔ eƒe asiwo ɖo edzi la, ebiae bena: Ele nane kpɔma?


Tete wòtsɔ eƒe asiwò do edzi, eye wòdzo enumake, eye wòkafu Mawu.


Ke esi wòtsi tre la, edo go le ƒuƒoƒe la heyi ɖe Simon ƒe me. Eye Simon lɔ̃xo le ŋudza sesẽa ɖe lém, eye woɖe kuku nɛ ɖe eta.


Eye esime ɣe le to ɖom la, amesiwo katã si dɔléla bubu ƒomeviwo le la, wotsɔ wo va egbɔ, eye wòda asiwo ɖe wo dome ɖesiaɖe dzi ɖekaɖeka heda gbe wo ŋu.


Ke esi wògogo du la ƒe agbo nu la, kpɔ ɖa, wotsɔ ame kukua ɖe, si nye tenuvi na dadaa, si nye ahosi la, le go domi, eye duametɔ geɖewo kpe ɖe eŋuti.


Eyaŋuti nɔvianyɔnuawo ɖɔ ame ɖo de egbɔ hegblɔ bena: Aƒetɔ, kpɔ ɖa, amesi mèlɔ̃a nu egbɔ o la, le dɔ lém.


Eye wòva me bena, Publio fofo mlɔ anyi le ŋudza lém, eye wòle sisi ɖem, eye Paulo yi ɖe egbɔ, eye wòdo gbe ɖa hetsɔ eƒe asi ɖa ɖe edzi, eye wòyɔ dɔe.


amesiwo wotsɔ ɖo apostoloawo ƒe ŋku me; eye esi wodo gbe ɖa vo la, wòda asi ɖe wo dzi.


Tete woda asi ɖe wo dzi, eye woxɔ Gbɔgbɔ kɔkɔe la.


eye wòkpɔ ŋutsua ɖe le ŋutega me, amesi ŋkɔ nye Anania la, gbɔna egbɔ, eye wòle asi dam ɖe edzi, bena wòagakpɔ nu.


Tete Anania ta dzi yi, eye wòva aƒea me, eye wòda eƒe asiwò ɖe edzi gblɔ bena; Nɔvi Saul, Aƒetɔ la, Yesu, si ɖe eɖokui fia wò le mɔ dzi, esi nègbɔna la, dom ɖa, be nagakpɔ nu, eye ne Gbɔgbɔ kɔkɔe la nayɔ wò fũ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa