Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Marko 5:22 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 Eye ƒuƒoƒe la ƒe amegãwo dometɔ ɖeka, si ŋkɔ nye Yairo la, va, eye esi wòkpɔe la, edze klo ɖe eƒe afɔ nu,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

22 Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒedzikpɔla aɖe si ŋkɔe nye Yairo la va dze klo ɖe ekɔme,

Onani mutuwo Koperani




Marko 5:22
14 Mawu Ofanana  

Eye esi woyi ɖe aƒea me la, wokpɔ ɖevi la kple dadaa Maria; tete wodze klo de ta agu nɛ, eye woʋu woƒe nuwo nu hetsɔ nunanawo, sika, kotoklobo kple lili nɛ.


Ke nyɔnu la le vɔvɔ̃m, eye wòle dzodzom nyanyanya; elabena enya nusi wòwɔ nɛ, eye wòva dze klo nɛ, eye wògblɔ nyateƒe blibo katã nɛ.


Eye wòva ƒuƒoƒemegã la ƒe me, eye wòkpɔ amesiwo le ʋunyaʋunya wɔm, eye wole avi fam le ɣli dom sesĩe la, le afima.


Ke ƒuƒoƒemegã, si dome ve le Yesu ƒe gbedada le Sabat dzi ŋuti la, xɔ dzi gblɔ na ameha la bena: Ŋkeke aɖee li, siwo dze be, amewo nawɔ dɔ le me: eyaŋuti le woawo me la miva, be woada gbe le mia ŋu, ke menye le Sabat ƒe ŋkeke la dzi o.


Eye esi Simon Petro kpɔe la, edze klo ɖe Yesu ƒe afɔ nu gblɔ bena: Aƒetɔ, do go le gbɔnye, elabena ame wɔnuvɔ̃ menye.


Ke esi wòkpɔ Yesu la, edo ɣli, eye wòdze klo nɛ hegblɔ kple gbe sesẽ bena: Nya ka le mía kpli wò domea? Yesu, Mawu, dziƒovĩtɔ la ƒe Vi! Meɖe kuku na wò, megawɔ funyafunyam o.


Eye esi woxlẽ se la kple nyagblɔɖilawo megbe la, fuƒoƒemegã dɔ ɖo ɖe wo gbɔ gblɔ bena: Ŋutsuwo, nɔviwo, ne nuxlɔ̃menyaa ɖe le mia si na dukɔa la, migblɔe.


Tete wo katã wòlé Sostene, ƒuƒoƒe la ƒe amegã, eye woƒoe le ʋɔnudrɔ̃zikpui la ŋgɔ. Eye Galio metsɔ ɖeke le nusiawo me o.


Ke Krispo ƒuƒoƒe la ƒe amegã kple eƒeme katã woxɔ Aƒetɔ la dzi se; eye Korintotɔwo dome ame geɖe, siwo ɖo toe la, xɔe se, eye wode mawutsi ta na wo.


Eye nye Yohanes ye nye amesi se nusiawo, eye mekpɔ wo. Eye esi mese wo, eye mekpɔ wo la, medze klo, be made ta agu ɖe mawudɔla, si ɖe nusiawo fiam la, ƒe afɔ nu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa